Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 50:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Zion, si nye nyonyowo ƒe ta la, Mawu klẽ tso.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Mawu klẽ tso Zion le eƒe anidzedze blibo la me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 50:2
20 Mawu Ofanana  

Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu le mía Mawu ƒe du la me kple eƒe to kɔkɔe la dzi.


Zion-to, si nye fia gã la ƒe nu, kɔ eɖokui ɖe dzi nyuie le anyiehe kekeake, eye wònye dzidzɔdonu na anyigba blibo la.


ne woaklɔ woƒe afɔ ɖe ʋu me, eye woƒe avũwo ƒe aɖewo nakpɔ wo tɔ gome te woƒe futɔwo ŋu.


Asaf ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „dzogbenya ƒe ɖasediɖi“ ƒe gbe nu.


Dzo fiã wo, wolã wo, eye wò ŋku me ŋɔdzidodo na wotsrɔ̃.


Wò, Israel kplɔla, see! Wò, amesi kpɔ Yosef dzi abe alẽ ene, eye nèbɔbɔ nɔ kerubiwo dzi gli la, do!


Mawu hlɔ̃biala, Yehowa, Mawu hlɔbiala, do!


vivi le eƒe nu me, eye eyama ɖze ani. Yerusalem-nyɔnuviwo, nye lɔlɔ̃tɔ lae nye esia: amesiae nye xɔ̃nye la!


Zion-nɔla, kpɔ dzidzɔ, eye natso aseye, elabena Israel ƒe kɔkɔetɔ la tri akɔ le dowò me.


Elabena Yehowa ado tso enɔƒe, ne wòaxe anyigbadzitɔwo ƒe vodada ŋu fe na wo, anyigba aklo nu le eƒe ʋu dzi, eye magatsyɔ nu amesiwo wowu ɖe edzi la dzi o.


Amesiwo katã va tso eme yi la, si akpe ɖe ŋuwò, woɖe tsiã heʋuʋu ta ɖe Yerusalem-nyɔnuvi ŋu be: Du, si ŋu wogblɔ le be, enye nyonyowo seƒe kple anyigba blibo la ƒe dzidzɔ la, enye esia?


Magagbugbɔ ayi nɔnyieƒe, vaseɖe esime woafufu ŋku ahadi nye ŋku me; ne wodo xaxa me la, woadi yonyeme mɔ.


Ke Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me; anyigba blibo la nezi ɖoɖoe le eŋku me.


Elabena aleke wòhenyo, eye wòdze ani ale? Bli nana ɖekakpuiwo tsina, eye aha yeye nana ɖetugbiwo tsina.


Eye wògblɔ bena: Yehowa tso Sinai va, edze na wo tso Seir, eye wòdo tso Paran-to la gbɔ. Ame kɔkɔe akpe nanewo kpe ɖe eŋu, eye dzo le eƒe nuɖusi na wo.


Eye ɣletivi adre le eƒe nuɖusi me, eye yi ɖaɖi: nuevee do tso eƒe nu me, eye eƒe mo le keklẽm, abe alesi ɣe klẽna sesĩe ene.


Eye dua mehiã ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ nɛ o; elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa