Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 50:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Asaf ƒe ha. Mawu, Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la le nu ƒom, eye wòle xexeame yɔm tso ɣe ƒe dzedze me vaseɖe eƒe loɖoɖo me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Mawu ŋusẽtɔ, Yehowa ƒo nu heyɔ takpekpe na anyigba la tso agudzedze va se ɖe esime ɣe ɖo to.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 50:1
35 Mawu Ofanana  

Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso ɣedzeƒe vaseɖe eƒe toɖoƒe!


eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me, eye wòamã wo me atso wo nɔewo gbɔ, abe alesi alẽkplɔla mãa alẽwo kple gbɔ̃wo mee ene;


Mawu, Mawu Yehowa, Mawu, Mawu Yehowa ŋutɔe nyae, eye Israel hã nanyae: Nenye aglãe miehe, miadze, alo voe míebe, míada ɖe Yehowa ŋu la, ekema megaxɔ mi ɖe agbe egbe sia o!


Ne dzata ɖe gbe la, amekae agbe vɔvɔ̃? Ne Aƒetɔ Yehowa ƒo nu la, amekae agbe nyagbɔgblɔ ɖi?


Mi dziƒowo, misee, eye anyigba, ƒu to anyi; elabena Yehowa le nu ƒom bena: Menyi viwo wotsi, eye medo wo ɖe dzi, ke wodze aglã ɖe ŋunye.


Wò ɖeka koe nye Yehowa, wòe wɔ dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo kpakple wo ŋu nuwo katã kple anyigba kple nusiwo katã le edzi, kpakple atsiaƒuwo kple nusiwo katã le wo me la; wòe na agbe wo katã, eye dziƒonuwo le ta dem agu na wò.


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Yehowa, amea ɖeke mede nuwo o, èlolo, eye wò ŋusẽ na wò ŋkɔ lolo.


Elabena wɔwòla enye srɔ̃wò, eŋkɔ nye Yehowa Zebaot, eye wò ɖela enye Israel ƒe kɔkɔeto la, eŋkɔ nye xexeame blibo ƒe Mawu.


Azɔ Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso esi me, ne anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nadze sii be, wò ɖeɖe koe nye Yehowa.


ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.


Hadzidzi, Asaf ƒe ha.


Asaf ƒe ha. Nyateƒee, Mawu ƒe dɔme nyo ɖe Israel ŋu, de amesiwo ƒe dzi dza la ŋu.


Eyata, mía Mawu, wò Mawu gã ŋusẽtɔ, si ŋu ŋɔdzi le, wò amesi lé nubabla kple amenuveve me ɖe asi la, fu, siwo katã dzɔ ɖe mía kple míaƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo, nyagblɔɖila wokple mía fofowo kpakple wò dukɔ blibo la dzi tso Asur-fiawo ŋɔli vaseɖe egbe la, megaɖi nu tsɛ le ŋkuwò me o!


Tete fia Xizkiya kple amegãwo ɖo na Lewi-viwo be, woatsɔ Dawid kple nukpɔla Asaf ƒe nyawo adzi kafukafuhawo na Yehowa. Wodzi kafukafuhawo kple dzidzɔ, eye wode ta agu hedo gbe ɖa.


Amesiawo katã tsoa gakogoe, saŋku kple kasaŋku ƒoa hãe le Yehowa ƒe aƒe la me le wo fofo Asaf, Heman kple Yedutun ƒe kpɔkplɔ te, abe alesi fia la ɖo ene.


Asaf viwo nye: Sakur, Yosef, Netanya kple Asarela Asaf viwo nɔ Asaf, si ƒoa saŋku le fia ƒe ɖoɖo nu la gbɔ.


Eye wòɖe Asat kple nɔviawo ɖo afima le Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, ne woasubɔ gbesiagbe le aɖaka la ŋgɔ de ŋkeke sia ŋkeke ƒe ɖoɖo nu;


Tete Lewi-viwo ɖe Heman, Yoel vi, woɖe Asaf, Berexya vi, tso nɔviawo dome kple Etam, Kusaya vi, tso nɔvia Merari-viwo dome;


Tete Eliya te ɖe dukɔ la ŋku me gblɔ bena: Vaseɖe ɣekaɣi miaɖu adza evee ase ɖo? Nenye Yehowae nye Mawu la, midze eyome, eye nenye Baal ye la, midze eyome! Ke dukɔ la meɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o.


Esi Abram xɔ ƒe blaasieke vɔ asieke la, Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ; zɔ le ŋkunye me, eye nazu blibo!


Nɔvia Asat tsi tre ɖe eƒe ɖusi me Asaf enye Berexya vi, amesi nye Simea vi,


Asaf ƒe nufiameha. Mawu, nukaŋuti nègbe mí ɖikaa, eye wò dɔmedzoe le adzudzɔ tum ɖe wò lãnyiƒe ƒe lãhɔwo ŋu?


Megagblẽ nu o! Hadzidzi, Asaf ƒe ha na henɔ la.


Hadzidzi. Asaf ƒe ha na kasaŋkuwo ƒe henɔ.


Asaf ƒe ha na henɔ Yedutun.


Asaf ƒe nufiameha. Nye dukɔ, mise nye nufiame; miƒu le anyi ɖe nye nu me nyawo ŋu!


Asaƒ ƒe ha. Mawu, dukɔwo nye zi de wò domenyinu dzi, wogblẽ kɔ ɖo na wò gbedoxɔ kɔkɔe la, eye wotsɔ Yerusalem wɔ anyiglãgoe.


Asaf ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „dzogbenya ƒe ɖasediɖi“ ƒe gbe nu.


Asaf tɔ na henɔ la, ne woadzi ɖe Gat-viwo tɔ nu.


Asaf ƒe ha. Mawu tsi tre ɖe Mawu ƒe ha la me, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu le mawuwo dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa