Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 5:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Yehowa, se gbenye le ŋdi, medzra ɖo ɖe ŋuwò le ŋdi hele asiwo nu kpɔm.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Menye Mawu si kpɔa dzidzɔ le vɔ̃ ŋutie nènye o; wò la, ame vɔ̃ɖiwo mate ŋu anɔ gbɔwò o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 5:4
16 Mawu Ofanana  

Nye Mawu, menyae be, wòe dzroa dziwo me kpɔna, eye dzimekɔkɔ nyoa ŋuwò. Nye dzime ko mena nusiawo katã faa; eye azɔ mekpe wò dukɔ, si le afisia kple dzidzɔ, be wona nu wò faa.


Amesi daa alakpa le, manɔ aƒenye me o, eye amesi kaa aʋatso la, mali de ŋkunye me o.


Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la.


Menyae be, Yehowa adrɔ̃ nya na hiãtɔwo, eye wòatso na ame dahewo.


Nusiawo wɔm nèle, eye mezi kpi; eyata nèle bubum be, ɖe mele abe wò ene. Maka mo na wò, eye matsɔe aɖo ŋkuwò me!


Mawu, Mawunye nènye, eye mele diwòm; tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò, eye nu te nye ŋutilã ŋu ɖe ŋuwò le kuɖiɖinyigba, si dzi ƒu kplakplakpla, eye tsia ɖeke meli o la dzi.


Ke nyea medo ɣii na wò, eye ŋdi la nye gbedodoɖa va ŋkuwò me.


Woatse ku le tsitsime ke hã, tsi anɔ wo me gugugu, eye woade ama


Ɖe gbegblẽ ƒe zikpui, si tsoa hiãkame ɖoa anyi ɖe sea teƒe la, ade ha kpliwòa?


Wò amesi ƒe ŋkuwo dza, be màte ŋu akpɔ nu yɔ̃ɖi wɔwɔ o, eye màte ŋu alé ŋku ɖe hiãkame ŋu o, nu kaŋuti nèle ame tovo kpɔm kpleŋku, eye nèzi kpi, ne ame vɔ̃ɖi mi amesi nye ame dzɔdzɔe wui la?


Mietsɔ miaƒe nyawo do dziku na Yehowa. Eye ne miegblɔ be: Nukae míetsɔ do dziku nɛ hã la ɖe miele gbɔgblɔm be: Ame vɔ̃ɖiwo katã nyo le Yehowa ŋku me, eye woƒe nu dze eŋu, alo afika Mawu, ʋɔnudrɔ̃la la le mahã oa?


Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ nɛ bena: Ne amea ɖe le lɔ̃yem la, alé nye nya la me ɖe asi, eye Fofonye alɔ̃ eyama, eye miava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ.


Midi ŋutifafa na amewo katã kple kɔkɔenyenye hã yome; elabena amea ɖeke mate ŋu akpɔ Aƒetɔ la, ne nusia mele eŋu o.


Ke miele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.


Eye dua mehiã ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ nɛ o; elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi.


Eye nusianu, si nye nu makɔmakɔ kple amesiwo wɔa ŋunyɔnuwo, eye wokaa aʋatso la, womele yiyi ge ɖe eme o, negbe amesiwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽa me la koe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa