Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 5:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Elabena nya vavãa ɖeke mele woƒe nu me o, gbegblẽ le woƒe dzi me, woƒe veme enye yɔdo nuvo, eye wovivia nu me kple woƒe aɖe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 O! Mawu, bu fɔ wo! Na be woƒe ayemɔwo naƒu wo anyi. Ɖe wo ɖa le woƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta, elabena wodze aglã ɖe ŋuwò.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 5:10
41 Mawu Ofanana  

Eye wova gblɔ na Dawid bena: Axitofel le nugbeɖolawo dome kpe ɖe Absalom ŋu! Tete Dawid gblɔ bena: Yehowa, meɖe kuku, na Axitofel ƒe adaŋudede nazu lãnya!


Tete Absalom kple Israel-ŋutsuwo katã gblɔ bena: Xusai, Arkitɔ la ƒe aɖaŋu nyo wu Axitofel ƒe aɖaŋu! Ke Yehowae ɖoe, be yeagblẽ Axitofel ƒe aɖaŋu nyui la me; elabena Yehowa be, yeahe dzɔgbevɔ̃e ava Absalom dzi.


Esi Axitofel kpɔ be, womewɔ yeƒe adaŋudede dzi na ve o la, ebla akpa na tedzi, eye wodze mɔ yi eƒe me le wo de. Eye esi wòɖo eƒe me la, ede ka ve na eɖokui, eye wòku, eye woɖii ɖe fofoa ƒe yɔdo me.


Eye esi wòƒo nu kplii la, egblɔ nɛ bena: Wòe mietsɔ ɖo fia ƒe aɖaŋuɖolaea? Dzudzɔ, ne menye nenem o la, woaƒo wò. Eye nyagblɔɖila la dzudzɔ hegblɔ bena: Menyae be, Mawu ɖo gbegblẽ ɖe ŋuwò, le esi nèwɔ nusia, eye mèɖo to nye aɖaŋuɖoɖo o ta.


Eye wohe Haman ɖe ati, si wotu ɖe Mardoxai ŋu la ŋuti Azɔ fia ƒe dziku la nu fa.


Ŋe abɔ na eme vɔ̃ɖi kple nuvɔ̃wɔla; ɖe àdi eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, eye mãkpɔe oa?


Elabena wosẽ to ɖe Mawu ƒe nyawo ŋu, eye wodo vlo dziƒoʋitɔ la ƒe adaŋudede,


Yehowa, tso, naɖakpe wo, ƒu wo anyi, eye ɖe nye agbe tso ame vɔ̃ɖi la si me kple wò yi,


Yehowa, megana ŋu nakpem o, elabena mele yɔwòm; ŋu nekpe ame vɔ̃ɖiwo, eye woƒe nu netɔ kpe le tsiẽƒe!


Ŋu nekpe amesiwo le dzidzɔ kpɔm le nye dzɔgbevɔ̃e ŋu la, eye woƒe mo netsi dã: vlododo kple ŋukpe nenyẽ tsyɔ amesiwo le asi ƒum akɔ ɖe ŋunye la!


mí amesiwo dome nya viviwo le, eye míenɔa amehawo dome yia mawuƒe me lae.


Ele fia ɖum le eƒe ŋusẽ me tegbee, eƒe ŋku le tsatsam le dukɔwo dzi. Tosẽlawo megafɔ wo ɖokui ɖe dzi o! Sela.


Ŋu nekpe amesiwo lé fu nye luʋɔ la, eye wo nu neyi; vlododo kple ŋukpe nenyẽ tsyɔ amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e dim la!


Oo, Aƒetɔ, ɖo míaƒe aƒelikawo ƒe vlo, si wodo wò la, teƒe ɖe akɔnu na wo zi adre!


Mi dziƒowo, misee, eye anyigba, ƒu to anyi; elabena Yehowa le nu ƒom bena: Menyi viwo wotsi, eye medo wo ɖe dzi, ke wodze aglã ɖe ŋunye.


Ke ne miegbe, eye miesẽ to la, yi aɖu mi, elabena Yehowa ƒe nue gblɔe.


Ke woawo dze aglã ɖe eŋu, eye wodo dziku na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la, tete wòtrɔ zu futɔ na wo, eye eya ŋutɔ wɔ avu kpli wo.


Eƒe ketɔwo ƒe alɔ ɖe dzi, eye eme nyo na eƒe futɔwo, elabena Yehowa ye ɖo hiã nɛ le eƒe vodada sɔgbɔawo ta. Viawo dze ketɔwo ŋgɔ yi aboyo me.


Míewɔ nuvɔ̃, míeda ƒu, eye míewɔ nu tovo, miese to, eye míeƒo asa na wò sewo kple wò ɖoɖowo.


Ke nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔke le Aƒelɔ, mía Mawu la si; elabena míese to ɖe eŋu,


Tohegbe ɖo, eye teƒeɖogbe ɖɔ, Israel adze sii! Nyagblɔɖila tsi bome, eye amesi si gbɔgbɔ le la, zu tsukunɔ le wò vodada gbogboawo kple fuléle geɖeawo ta.


Elabena xexe sia me nunya enye bometsitsi le Mawu gbɔ, elabena woŋlɔ ɖi bena: „Eléa nunyalawo le woƒe aɖaŋu vɔ̃ me.“


Ke fia Sixon, amesi nɔ Xesbon, melɔ̃ be, míato egbɔ ayi o, elabena Yehowa, wò Mawu, na eƒe ame do kpe, eye eƒe dzime sẽ, bena wòatsɔe ade asi na wò, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


Ne amea ɖe tso ti yowòme, eye wòle wò ku dim la, ekema woabia wò agbe ɖe agbagbeawo ƒe nu me ɖe Yehowa, wò Mawu gbɔ; ke woatsɔ wò futɔwo ƒe agbe ade akafo me aɖa!


Esi Dawid se be, Nabal ku la, egblɔ be: Woakafu Yehowa, si wɔ dzre kple Nabal ɖe ŋukpe, si wòdom la ta, eye wòtsri vɔ̃ na eƒe dɔla, ke Yehowa na Nabal ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ va eƒe ta dzi! Tete Dawid dɔ ame ɖa, be woaƒo nu kple Abigail, ne yeaɖee wòanye ye srɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa