5 Elabena kpɔ ɖa, fiawo ƒo ƒu, eye wa katã wova ɖe eŋuti.
5 ke esi wokpɔe la, woƒe nu ku, ŋɔdzi lé wo eye wosi dzo.
Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu.
Eye wòna woƒe tasiaɖamfɔwo gli, ale be ŋgɔyiyi zu dɔ na wo. Tete Egiptetɔwo gblɔ bena: Mina miasi le Israel nu, elabena Yehowa le aʋa wɔm na wo ɖe Egiptetɔwo ŋuti.
Fia siawo katã ɖo gbe ɖi heva ƒu asaɖa anyi ɖe Merom-tɔ ta nu, be woawo aʋa kple Israel.