Tete Aram-fia ƒe dzi de asi dzodzo me nyanyanya le nya sia ŋuti, eye wòyɔ eƒe dɔlawo gblɔ na wo bena: Miate ŋu agblɔe nam mia dometɔ, si le Israel-fia la dzi dem oa?
Le Yuda-fia Axaz, Uziya vi Yotam ƒe vi ŋɔli la Aram-fia Rezin kple Israel-fia Remalya ƒe vi Pekax woho aʋa va Yerusalem ɖe wo ŋu, ke womete ŋu wɔ aʋa kpli wo o.
Eye wolé lã la kple aʋatsonyagblɔɖila, si wɔ dzesiwo le eƒe ŋku me, esiwo wotsɔ ble amesiwo xɔ lã la ƒe dzesi kple amesiwo de ta agu na eƒe legba; wotsɔ wo ame eve la siaa ƒu gbe ɖe dzota, si le bibim kple dzokpe la me agbagbe.