Megblɔ be: Matso wò aɖo viŋutsu teƒe, eye mana anyigba nyo la wò, si nye domenyinu vevietɔ le dukɔwo dome! Mehe. Yɔm be ye fofo, eye megatrɔ le yonyeme o.
gbemagbe mekɔ nye asi dzi na wo, ne makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi ayi anyigba, si medi da di na wo la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo; anyigba nyuitɔ wònye le anyigbawo katã dome.
Tete fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!
eye bene miaƒe dzi me ŋkuwo dzi nakɔ, bene miadze si nusi nye eƒe ameyɔyɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ, kple nusi nye domenyinyi ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu la le ame kɔkɔewo me,