Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 47:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Mi dukɔwo katã, miƒu akpe, eye mitsɔ aƒadodo tso aseye ɖe Mawu ŋu!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Ŋɔdzi le Yehowa Dziƒoʋĩtɔ la ŋu ale gbegbe, eyae nye Fiagã ɖe anyigba la katã dzi!

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 47:2
18 Mawu Ofanana  

gblɔ bena: Ao, Yehowa, dziƒo Mawu, wò Mawu gã, si ŋu ŋɔdzi le, amesi lea nubabla kple amenuveve me de asi na amesiwo lɔ̃nɛ, eye woléa eƒe seawo me ɖe asi la,


Wò nuwɔwɔ dziŋɔwo ƒe ŋusẽ ŋu woaƒo nu le; maxlẽ nya afia le wò nutsuwɔwɔwo ŋu.


Midzi kafukafuha na Mawu, midzi kafukafuha hee! Midzi kafukafuha na mía fia la, midzi kafukafuha!


Woayra amesi nètia, eye nèna be, wòava nɔ wò xɔxɔnuwo! Míaɖu wò ate me nu nyuiwo aɖi ƒo le wò gbedoxɔ kɔkɔe la me.


Mitsɔ ŋusẽ na Mawu, eƒe ŋutikɔkɔe le Israel dzi, eye eƒe ŋusẽ le alilikpowo me.


Miɖe adzɔgbe, eye miwɔ edzi na Yehowa, mia Mawu la! Mi amesiwo le eŋu godoo la, mitsɔ nunanawo vɛ na amesi ŋu ŋɔdzi le!


Elabena Mawu gã enye Yehowa kple fia ga de mawuwo katã dzi.


Woakafu wò ŋkɔ, elolo, ŋɔdzi le eŋu, eye wòle kɔkɔe.


Aɖl ameflula la ŋu kpekpekpe, nenye be, lãtsu le eƒe lãha me, eye wode adzɔgbe hetsɔ la nuwɔe wu na Aƒetɔ la! Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Fia gã menye, eye ŋɔdzi le nye ŋkɔ ŋu le dukɔwo dome.


Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.


Ne mèlé se sia ƒe nyawo katã, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la me ɖe asi hewɔ wo dzi o, eye mèvɔ̃ Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ, si ŋu bubu kple ŋɔdzi le o la,


Womegadzi ŋɔ na wò o, elabena Yehowa, wò Mawu, si nye Mawu gã, si ŋu vɔvɔ̃ le la, le dowòme.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa