Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 44:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Etsɔ wò asi nyã dukɔwo, ke woawo la èƒo woƒe aganu ɖe to; ègblẽ anyigbadzitɔwo, ke èna woawo keke la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Anyigba mesu wo si to woawo ŋutɔ ƒe yi dzi loo, alo woawo ŋutɔ ƒe alɔe ɖu dzi na wo o, ke boŋ wò nuɖusi, wò alɔ kple wò mo ƒe kekelie xɔ na wo, elabena èlɔ̃ wo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 44:3
27 Mawu Ofanana  

Dukɔ ka le anyigba dzi de wò dukɔ Israel nu, anyigba dzi dukɔ, si ɖeɖe ko mawua ɖe va ɖe, be wòatsɔ awɔ eƒe dukɔ, ne wòaɖe ŋkɔ eɖokui ŋu, eye wòawɔ nu gã kple ŋɔdzinuwo, be wòanya dukɔwo kple woƒe mawuwo le wò dukɔ, si nèɖe tso Egipte na ɖokuiwò la ŋgɔa?


Ɖe menye wò, mía Mawue, nyã anyigba sia dzi nɔlawo ɖa le wò dukɔ Israel ŋgɔ, eye nètsɔe na xɔ̃wò Abraham ƒe dzidzimeviwo tegbee oa?


Ede eƒe nuwɔwɔ ƒe ŋusẽ fia eƒe dukɔ la, esime wòtsɔ dukɔwo ƒe domenyinu na wo.


Ɖe wò amenuveve fia nukutɔe, wò amesi nye xɔnametɔ na amesiwo sina le aglãdzelewo nu bena ɖe wò nuɖusi me la.


Míatso aseye ɖe wò xɔname ŋu, eye míado aflaga ɖe dzi le mía Mawu ƒe ŋkɔ me. Yehowa nawɔ wò biabiawo katã dzi na wò.


Misa dzɔdzɔenyenyevɔ, eye miɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu!


Ne nye ketɔwo le alɔme ɖem le gbɔgblɔm nam edziedzi be: Afika gɔ̃ wò Mawu le hã la, enɔna abe ŋɔ ɖunue le nye ƒuwo me ene.


Ne meɖo ŋu, alesi menɔa amehawo dome, eye mía kpli wo míeyia Mawu ƒe aƒe la me kple aseyetsotso kple kafukafuhadzidzi le ŋkekenyuieɖulawo ƒe ha me la, nye dzi lólona gbanaa.


Nukaŋuti nèhe wò asi kple wò nuɖusi de megbe? Doe ɖa tso wò akɔnu nagblẽ nu!


Wòe nye Mawu, amesi wɔ nukunuwo, èɖe wò ŋusẽ fia le dukɔwo dome.


Enyã dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòdzidze nu ɖe edzi na wo, ne wòanye wo tɔ, eye Israel-toawo nɔ woƒe agbadɔwo me.


kple alɔ, si wò nuɖusi tsɔ ɖo, kpakple dzedze, si dzi nèkpɔ wòtsi la ŋu!


Eho weinka tso Egipte, eye nènyã dukɔwo ɖa hetsɔe do.


Vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi lé wo, wò alɔ sesẽ na wodze ti zu abe kpe ene, vaseɖe esime wò dukɔ la to wo dome yi, Yehowa, vaseɖe esime wò dukɔ, si nèɖe la, to wo dome yi.


Amesi na eƒe atsyɔ̃dabɔ to Mose ƒe nuɖusi dzi, eye wòmã tsi la me ɖe eve le wo ŋgɔ, be wòaɖe ŋkɔ mava eɖokui ŋu?


Tete wòɖo ŋu gblɔ nam bena: Yehowa ƒe gbe na Zerubabel enye si: Mava me to aʋa-kɔ alo ŋusẽ me o, ke hoŋ to nye gbɔgbɔ dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe!


Ne miaƒe nu dze Yehowa ŋu ko la, ekema akplɔ mí ayi anyigba sia dzii, eye wòatsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, na mi.


Ke kesinɔnu sia le mia si le anyigoewo me, bene ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la, nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ woatso o;


hafi Yehowa tia mia fofowo ɖeɖeko, eye wòlɔ̃ wo hetia mi, amesiwo nye wo megbeviwo, tso dukɔwo katã dome, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


Medɔ teamekplɔɖoewo ɖe mia ŋgɔ, eye wonyã Amoritɔwo ƒe fia eveawo le mia ŋgɔ; menye wò yi kple wò dae wɔe o.


Eye Yosua gblɔ bena: Esia miatsɔ adze sii bena, Mawu gbagbe le mia dome, eye wòle Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Xiwitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo kple Yebusitɔwo nyã ge da le mia ŋgɔ vavã.


Elabena Yehowa maɖe asi le eƒe dukɔ ŋu o le eƒe ŋkɔ gã la ta; elabena edze egɔme, be wòawɔ mi mianye dukɔ nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa