Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 42:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe Mawu ŋu, ɖe Mawu gbagbe la ŋu; gbekagbe made ahado ɖe Mawu ŋku me?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Nye aɖatsiwo zu nuɖuɖu nam zã kple keli, evɔ amewo le gbɔgblɔm nam ŋkeke blibo la be, “Afi ka wò Mawu la le?”

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 42:3
16 Mawu Ofanana  

Ɖewohĩ Yehowa akpɔ nye hiã la nam, eye Yehowa atsɔ nyui aɖo ɖiŋu, si wòɖo nam egbe la teƒe.


Nye futɔwo le alɔme ɖem le ŋunye atraɖi, eye amesiwo nyrã ɖe ŋunye la, tsɔm wɔ ɖiŋuɖonui.


Nukaŋuti dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be: Atike ga woƒe Mawu la le?


Meke nye alɔwo me na wò; nye luʋɔ ƒe veme ƒu ɖe ŋuwò kplakplakpla abe anyigba ene. Sela.


Amesiwo katã kpɔm la, ɖu fewu le ŋunye, woke woƒe nuyiwo, eye woʋuʋu ta gblɔ be:


Yehowa, aleke nye ketɔwo sɔ gbɔ ale! Ame geɖewo tso ɖe ŋunye.


Magblɔ na Mawu, nye agakpe, be: Nukaŋuti nèŋlɔm be, eye nukaŋuti maƒo ɖi anɔ yiyim le nye futɔ ƒe teteɖanyi te?


Mawu, Mawunye nènye, eye mele diwòm; tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe ŋuwò, eye nu te nye ŋutilã ŋu ɖe ŋuwò le kuɖiɖinyigba, si dzi ƒu kplakplakpla, eye tsia ɖeke meli o la dzi.


Nukaŋuti dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be: Afika woƒe Mawu la le? Wò dɔlawo ƒe ʋu, si wokɔ ɖe anyi, ƒe hlɔ̃biabia nedze le mía ŋku me ɖe dukɔwo ŋu!


Oo, Aƒetɔ, ɖo míaƒe aƒelikawo ƒe vlo, si wodo wò la, teƒe ɖe akɔnu na wo zi adre!


Yehowa, Mawu Zebaot, ɣeka ɣi nado dziku ɖe wò dukɔ ƒe gbedodoɖa ŋu ase ɖo?


Yehowa ƒe xɔxɔnuwo le nye luʋɔ dzrom yi ɖe menye ke; nye dzi kple nye ŋutilã le aseye tsom de Mawu gbagbe la ŋu.


Wò ŋutsuwo katã nava wò Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋku me zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me.


Nunɔlawo, amesiwo subɔa Yehowa la, nefa avi le akpata kple vɔsamlekpui la domee agblɔ be: Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ, eye megahe ŋukpe va wò domenyinu la dzi, ne dukɔwo nanɔ ahama sim ɖe wo ŋu o. Nukaŋuti woanɔ gbɔgblɔm le dukɔwo dome be: Afika woƒe Mawu le hã?


Nye ketɔ, amesi le gbɔgblɔm nam be: Afika Yehowa, wò Mawu, le hã la, akpɔe, eye ŋukpe alée. Nye ŋku aɖi ƒo ɖe eŋu, emegbe woafanyae abe ba le kpɔdomee ene.


Oo, ɖe dzi sia tɔgbe anɔ wo si, ne woavɔ̃m, eye wòalé nye seawo katã me ɖe asi ɣesiaɣi, bena wòanye na wo kple wo viwo!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa