Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 42:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Alesi zinɔ ƒe veme ƒuna ɖe tɔʋu ŋu la, nenema nye luʋɔ ƒe veme ƒu ɖe ŋuwò, Mawu!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Tsikɔ le nye luʋɔ wum ɖe Mawu ŋu, ɖe Mawu gbagbe la ŋu. Ɣe ka ɣi mayi aɖado go Mawu?

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 42:2
20 Mawu Ofanana  

Oo, ne mahanya, afisi matu eyama le, eye made kekeke enɔƒe de!


Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpa Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbeɖoxɔ me.


ne maɖe Mawu ƒe vɔsamlekpui la kple nye dzidzɔseye ƒe Mawu la gbɔ, eye matsɔ saŋku akafu wò, Mawu, nye Mawu la!


Dawid ƒe ha, le esime wòle Yuda-gbedzi.


Ale metsa ŋu na wò le kɔkɔeƒe la, be makpɔ wò ŋusẽ kple wò ŋutikɔkɔe.


Mawu, mía akpoxɔnu, kpɔ nu, eye nalé ŋku ɖe wò amesiamina la ƒe mo!


Yehowa Zebaot, wò nɔƒewo sɔe nam loo!


Xevi kpɔ aƒe, eye sagbadre kpɔ atɔ na eɖokui, afisi wòatsɔ viawo aɖoe, eye nye wò vɔsamlekpuiwo, Yehowa Zebaot, nanye kple Mawunye.


Ne woto aɖatsibali me la, wowɔnɛ wòzua tsidzɔƒe; eye aɖatsi tsɔa yayra ɖoa atsyɔ̃ na.


Wò ŋutsuwo katã nava wò Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋku me zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me.


Yehowa, míekpɔ ma na wò le wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo ƒe mo dzi ke hã; wò ŋkɔ kple wò kafukafu dzro luʋɔwo.


Ke Yehowa enye Mawu vava; eyae nye Mawu gbagbe kple fia mavɔ; anyigba ʋuʋu le eƒe dɔmedzoe nu, eye eƒe dziku menya le tsɔtsɔm na dukɔwo o.


Elabena nye dukɔ wɔ vɔ̃ ƒomevi eve: wogblẽ nye, amesi nye tsi gbagbe vudo la ɖi, be woaɖe tsido na woawo ŋutɔ ɖokui, tsido, siwo gɔme ŋɔ, tsi mate ŋu anɔ wo me o.


Emegbe fia Dario ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔ, siwo le anyigba blibo la dzi bena: Eme nenyo na mi!


Elabena sigbe alesi agbe le Fofo la ŋutɔ ɖokui me la, nenema ke wòna Vi la hã be, agbe nanɔ esi le eya ŋutɔ ɖokui me:


Ke le ŋkeke mamletɔ, si nye ŋkekenyuie gatɔ dzi la, Yesu le tsitre, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Ne tsikɔ le amea ɖe wum la, neva gbɔnye, eye wòano tsi.


elabena woa ŋutɔwo gblɔa nya fiana le mía ŋuti, vava, si ƒomevi me mieva mia gbɔ le, kple alesi mietrɔ tso trɔ̃wo gbɔ va Mawu gbɔ, bena miasubɔ Mawu gbagbe vavãtɔ la,


Eye Yosua gblɔ bena: Esia miatsɔ adze sii bena, Mawu gbagbe le mia dome, eye wòle Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Xiwitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo kple Yebusitɔwo nyã ge da le mia ŋgɔ vavã.


Eye wòfia agbetsitɔsisia ɖe, si le dzo sim abe kristalo ene, hele dodom tso Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui me le eƒe ablɔ la titina lam.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa