Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 41:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke èlé nyea ɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ta, eye nètsɔm ɖo ŋkuwò me tegbee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la tso mavɔ me yi mavɔ me. Neva eme, ɛ̃, neva eme.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 41:13
19 Mawu Ofanana  

Tete Benaya, Yehoyada vi, xɔ edzi gblɔ na fia la bena: Neva me! Alea Yehowa, nye aƒetɔ fia la ƒe Mawu, agblɔ aƒu edzi.


Woakafu Yehowa Israel ƒe Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me! Tete dukɔ blibo la gblɔ be: Nenɔ alea! Eye wokafu Yehowa.


Tete Dawid kafu Mawu le ameha blibo la ŋku me gblɔ bena: Woakafu wò Yehowa, mía fofo Israel ƒe Mawu, tso mavɔ me yi mavɔ me!


Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, fa, tso mavɔ me yi mavɔ me, eye dukɔ blibo la negblɔ be: Nenɔ alea, mikafu Yehowa!


Yehowa léa hiãtɔwo ɖe asi, ke ebɔbɔa ame vɔ̃ɖiwo vaseɖe anyigba ke.


Nusianu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa! Mikafu Yehowa!


siwo wò futɔwo tso le alɔme ɖemi, Yehowa, wotsɔ le alɔme ɖemi le wò amesiamina la ƒe afɔtoƒewo ŋui!


gblɔ bena: Neva me, Yehowa newɔ alea! Yehowa newɔ wò nya, si negblɔ ɖi la dzi, eye woahe Yehowa ƒe aƒe me miawo kple aboyomeawo katã tso Babel agbɔ va teƒe sia.


Tsi, si hea fiƒode va ame dzi la, aɖo wò dɔme, ƒodo adzi ɖe nuwo, eye wò ali aklẽ! Eye nyɔnu la naɖo ŋu bena: Neva me nenema, neva me nenema!


Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.


Elabena ne èle akpe dam kple gbɔgbɔ la, aleke lawɔ, amesi le numanyamanyatɔ nɔƒe la, agble amen aƒu wò akpedada dzi, esi menya nusi nègblɔ la o mahã?


Woakafu Mawu, si nye mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi tsɔ gbɔgbɔ me yayrawo katã le dziƒonutowo me yra ɖe mia dzi le Kristo me,


le gbɔgblɔm bena: Míeda akpe na wò, Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, wò amesi li, eye nenɔ anyi; elabena exɔ wò ŋusẽ gã, eye neɖu fia.


Amesi le nusiawo ƒe ɖase ɖim la gblɔ be: Ẽ, megbɔna kpuie! Amen, Aƒetɔ Yesu va!


Eye aʋala ade li na nu gbagbe eneawo dome ɖesiaɖe, eye ŋkuwo yɔ wo ŋuti kple wo me fũ, eye womekpɔ dzudzɔ zã kple keli o hele gbɔgblɔm bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, amesi nɔ anyi, eye woli, eye wòle vava ge la!


Amen, kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋutete kple ŋusẽ woana mía Mawu la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa