11 Ke wò Yehowa, ve nunye, eye nafɔm ɖe te, ekema maɖo eteƒe na wò!
11 Menya be èkpɔ ŋudzedze le ŋutinye, elabena nye ketɔ meɖu dzinye o.
Woakafu Yehowa, be metsɔ mí wɔ adelã na woƒe aɖuwo o.
Kpɔm ɖa, Yehowa, nye Mawu, eye nam nam; na nye ŋku dzi nakɔ, ne magatso me le alɔ̃ me o!
Amesiwo vɔ̃a Yehowa la, ƒe nu dzea eŋu, amesiwo le eƒe amenuveve lalam.
Nye Mawu, wò ŋu mele ŋu dom ɖo; megana ŋu nakpem, ne nye futɔwo natso aseye ɖe ŋunye o!
Matso aseye, eye dzi adzɔm le wò amenuveve ŋuti, le esi nèkpɔ nye hiã, eye nèlé ŋku ɖe nye luʋɔ ƒe xaxa ŋu ta;
Megana woegblɔ le woƒe dzi me be: Ehɛ̃, alea dim míele o! Megana woagblɔ be: Míemii o!
Wɔ dzesi le ŋunye hena nyui, ne nye ketɔwo nakpɔe, ŋu nakpe wo, elabena wò Yehowae kpe ɖe ŋunye, eye nèfa akɔ nam.
Midzi ha na Yehowa, mikafu Yehowa, elabena eɖe hiãtɔ ƒe agbe tso ame vɔ̃ɖiwo si me!
eye wòɖe dziɖulanyenye kple ŋusẽwo ɖi, eye wòdo ŋukpe wo le gaglãgbe, eye wòkpɔ dziɖuɖudzidzɔ ɖe wo dzi to me.