Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 40:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Tete megblɔ bena: Kpɔ ɖa, megbɔna, agbalẽ me woŋlɔ nya ɖo le ŋunye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Medi be mawɔ wò lɔlɔ̃nu, O! Nye Mawu, woŋlɔ wò se la ɖe nye dzi me.”

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 40:8
14 Mawu Ofanana  

Nyemete ɖe aga le eƒe nuyi ƒe sewo ŋu o, eye medzra eƒe nu me nyawo ɖo wu nye ŋutɔ nye se.


Mikafu Yehowa! Woayra ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ le eƒe seawo ŋu vevie.


Nye dzeme akɔ ɖewò ɖoɖowo ŋu, nyemaŋlɔ wo be o.


Wò ɖaseɖiɖiwo nye nye dzidzɔ kple adaŋudelawo nam.


Nye dzeme akɔ ɖe wò se, siwo melɔ̃na la ŋu.


Ɖe menye wò see nye nye dzidzɔ o la, anye ne metsrɔ̃ ɖe nye hiã me.


Vinye, megaŋlɔ nye nufiame be ti, eye wò dzi nedzra nye sededewo ɖo;


Esi wò nyawo ɖo gbɔnye la, memi wo, eye wò nyawo nye vivisese kple dzidzɔ na nye dzi, elabena wo ŋkɔe woyɔ ɖe ŋunye, Yehowa, Mawu Zebaot.


ke boŋ nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe.


Yesu gblɔ na wo bena: Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dom ɖa la ƒe lɔlɔ̃anu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.


Elabena mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ememe la gome;


Elabena amesiwo wonya ɖi la, eɖo wo ɖi hã, bene woanye Via ƒe nɔnɔme tɔgbe, bene wòanye ŋgɔgbevi le nɔvi geɖewo dome.


elabena edze ƒã bena, míenye Kristo ƒe agbalẽ, si wotsɔ míaƒe subɔsubɔdɔ wɔe, si wometsɔ agbalẽŋlɔtsi ŋlɔe o, ke boŋ Mawu gbagbe ƒe Gbɔgbɔ lae wotsɔ ŋlɔe; womeŋlɔe ɖe nuŋlɔkpewo dzi o, ke ɖe nuŋlɔkpe, siwo nye ŋutilã ƒe dziwo la dzi boŋ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa