Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 40:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ. Naneke mede nuwò o! Mebe, matsɔ wo aɖe gbe ƒãe, eye maƒo nu le wo ŋu, ke womele xexlẽ me o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Mèdi vɔsa kple nunana, alo bia numevɔsa kple akpedavɔsa o, ke boŋ èʋu nye towo be mase wò gbe,

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 40:6
19 Mawu Ofanana  

eʋua to na amegbetɔwo, eye wòɖoa kpe woƒe tohehe dzi,


amesi wɔa nu gã, siwo me dzodzro meli o, kple nukunu, siwo mele xexlẽ me o,


Ke nye la, Mawu, wò susuwo xɔ asi nam ŋutɔ! Aleke woƒe xexlẽme mehesɔ gbɔe o!


Ne mebe, maxlẽ wo la, wosɔ gbɔ wu ke! Ne menyo la, megale gbɔwò ko.


Menye wò akpedavɔsa ta mele nya hem ɖe ŋuwò ɖo o, eye wò numevɔsa le ŋkunye me ɖaa.


Mawu, nye xɔname ƒe Mawu, ɖem tso hlɔ̃fe me, ekema nye aɖe atso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti!


Nye nu axlẽ wò dzɔdzɔenyenye afia, kple wò xɔname hã ɣesiaɣi; elabena womele xexlẽ me nam o.


ekema eƒe aƒetɔ nakplɔe ava Mawu ƒe ŋku me, atsɔe aɖo ʋɔtru nu alo ʋɔtrutiwo gbɔ, eye eƒe aƒetɔ naŋɔ to nɛ kple nuŋɔnui, be wòasubɔe tegbee.


Yehowa be, Nuka miaƒe akpedavɔsa gbogboawo awɔ nam? Agbowo ƒe numevɔsa kple nyivi damiwo ƒe ami ti kɔ nam, eye nyiwo, alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu medzea ŋunye o.


Yehowa, nye Mawu nènye, mado wò ɖe dzi, eye makafu wò ŋkɔ! Elabena èwɔ nukunuwo, wò gbaɖegbe tameɖoɖowo nye nyateƒe, eye wometrɔna o!


Amesi wu nyitsu la, sɔ kple amesi wu ame, amesi tsɔ alẽvi sa vɔe la, sɔ kple amesi tro kɔ le avũ nu, amesi sa nuɖuvɔ la, sɔ kple amesi tsɔ haʋu sa vɔe, amesi do dzudzɔ ʋeʋẽe la, sɔ kple amesi kafua trɔwo. Alesi amesiawo ɖaa woawo ŋutɔ ƒe mɔ, eye woƒe luʋɔ kpɔa dzidzɔ le woƒe ŋunyɔnuwo ŋu la,


Elabena lɔlɔ ƒe nu dze ŋunyie vu akpeɖavɔsa, eye sidzedze Mawu dze ŋunye wu numevɔsa.


Elabena ne miesa numevɔ kple nuɖuvɔ nam hã la, womadze ŋunye o, eye nyemanyẽ: kɔ akpɔ miaƒe nyivi damiwo ƒe akpedavɔsawo o.


Ke ɖe mienya nusia bena: „Nublanuikpɔkpɔ dim mele, eye menye numeme o“ gɔme la, anye ne miedo ɖe amesiwo ŋu nuvɔ̃ mele o la, ta o.


Ke miyi ɖasrɔ̃ nusia gɔme. „Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye numeme o.“ Elabena nyemeva ame dzɔdzɔewo yɔ ge o, negbe nuvɔ̃wɔlawo ko.


Tete Samuel gblɔ bena: A, numevɔsawo kple akpedavɔsawoe dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa