8 Ede dzidzɔ nye dzi me wu wo le ɣeyiɣi, si me bli kple wein bɔ ɖe wo si.
8 Mamlɔ anyi, adɔ alɔ̃ le ŋutifafa me, elabena wò, Yehowa, koe na mele dedie.
Àna menya agbemɔ la, dzidzɔ bɔ ɖe ŋkuwò me, eye vivisese le wò nuɖusi me tegbee.
Metso gbenye yɔ Yehowa, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe ta dze. Sela.
Ne èmlɔ anyi la, màɖi vo o, ke boŋ alɔ̃ avivi na wò.
Edzi dukɔ la ɖe edzi, eye nena dzidzɔ do gã; wokpɔ dzidzɔ le ŋkuwò me, abe alesi wokpɔa dzidzɔ le nuŋeɣi ene, abe alesi wotsoa aseye, ne wòmã aboyonu ene.
Mabia ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye matsrɔ̃ lã vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, ne woanɔ gbegbe aɖe dzi ɖi, eye woatsi avewo me adɔ.
Ale Yehowa gblɔ esi: Le ɣemaɣi la ãyɔm he „srɔ̃nye“, nye mãgayɔm be „nye Baal“ azɔ la.
Luƒoɣi adidi vaseɖe weinhaɣi, eye weinhaɣi adidi vaseɖe nuƒãɣi, eye míakpɔ abolo geɖe aɖu, eye mianɔ miaƒe anyigba dzi bɔkɔɔ.
Ke ne mietso Yordan, eye mietso aƒe ɖe anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le mamã ge na mi dzi, eye wòna miekpɔ gbɔdzɔe tso miaƒe futɔ, siwo katã ƒo xlã mi la si me, eye mienɔ anyi bɔkɔɔ la,
amesi ku ɖe mía ta, bena ne míele ŋu alo míele alɔ̃ me la, míanɔ agbe kpakplii,
Eye mese gbea ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Ŋlɔ bena: Woayra ame kuku, siwo ku le Aƒetɔ la me tso esia dzi heyina: ẽ, Gbɔgbɔ la gblɔ bena, woadzudzɔ wo dokui tso woƒe agbagbadzedzewo me, elabena woƒe dɔwɔwɔwo dze wo yome.