Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 4:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Mi ŋutsu ƒe viwo, zi nenie miaɖi gbɔ nye bubu, yakanu nanɔ mía ŋu nyom, eye míanɔ aʋatso yome dim? Sela.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Minyae be Yehowa tia mawuvɔ̃lawo na eɖokui, eya ta Yehowa asee, ne meyɔe.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 4:3
17 Mawu Ofanana  

Esi dzi ɖe le ƒonye la, nyea megblɔ be: Woɖem ɖa le wò ŋku ta: ke èse nye kokoƒogbe, esi medo ɣli na wò.


Te ɖa le vɔ̃ ŋu, eye nawɔ nu nyui: di ŋutifafa, eye nati eyome.


mi hahooawo kple amegãviwo, mi kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa!


Miƒo nye mawumeme, siwo bla nu kplim ɖe akpedavɔsa dzi la, nu ƒu nam!


Wòe xlẽ nye sisiƒewo, eɖe nye aɖatsiwo wò goe me! Ɖe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?


Nuxaxa na nye ŋkuwo le ayi, nu te wo ŋu le nye ketɔwo katã ta.


Vavã, tofloko enye amegbetɔviwo, eye alakpa enye ameviwo; wole wodzoo le nudanu me, elabena wo katã la tofloko wonye.


Eye nuka gɔ woatsɔ adze sii bena, eve mia kple wo dukɔ la nu, ne meyi kpli mí, bena wòadze sii be, wòe tia mia kple wò dukɔ la le anyigba dzi dukɔwo katã dome oa?


Menye miawoe liam ke boŋ nyee tia mi, eye meɖo mi anyi, bena miayi aɖatse ku, eye miaƒe kutsetse la nanɔ anyi, bena nusi ke miabia Fofo la le nye ŋkɔa dzi la, ne wòana mi.


Elabena eyama ƒe nuwɔwɔ míenye, wowɔ mí le Kristo Yesu me hena dɔ nyui wɔwɔ, siwo Mawu dzra ɖo ɖi, bene miazɔ le wo me la.


Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ.


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,


ale Aƒetɔ la nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me, eye wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe, bene woatu fe vɔ̃ na wo;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa