Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 39:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Kpɔ ɖa, èwɔ nye ŋkekewo wonye asi ƒe kekeme, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Nyateƒe, ne amegbetɔ li ke ʋuu hã la, ƒuƒu ko wònye. Sela.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 “Amegbetɔ le yiyim, le gbɔgbɔm, ke vɔvɔli ko wònye. Ele agbagba dzem, gake wo katã nye nu dzodzro Eli kɔ kesinɔnuwo gleglegle, gake menya ame si ƒe asi me woayi ɖo o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 39:6
31 Mawu Ofanana  

Amegbetɔ nyanu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.


Etim azɔ, nyemebe, manɔ agbe tegbee o. Ɖe asi le ŋunye, elabena ƒuƒu enye nye ŋkekewo.


Mibu eme kpɔ, ƒuƒu enye nye agbe, eye nye ŋku magakpɔ dzɔgbenyule o.


Dzodzroe míefɔa fɔŋli, eye míelalana ʋuu kekeke hafi bɔbɔ nɔa anyi, be miaɖu míaƒe hiãbolo; alea kee wònaa nu eƒe eme vevi la le alɔ̃ mee.


Amegbetɔ le abe ƒuƒu ene, eye eƒe ŋkekewo le abe vɔvɔli, si va yina ene.


Aƒetɔ, ɖo ŋu, alesi nye agbe le kpuie kple alesi nèwɔ amegbetɔviwo katã dzodzroe!


Viwo ƒe viwo nyia dɔmenyotɔ ƒe dome; ke wodzraa nuvɔ̃wɔla ƒe nuwo ɖo ne ame dzɔdzɔe.


Ne èkpɔe ɖa la, maganɔ anyi o, elabena eto aʋala hedzo yi dzi abe hɔ̃ ene.


elabena kesinɔnu menɔa anyi ɖaa o, alo ɖe fiakuku noa anyi na dzidzimeawo katãa?


Mele ŋku ɖe nusiwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu, eye kpa ɖa, wo katã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye.


Ɖe dziku da le wò dzi ŋu, eye vɔ̃ neƒo asa na wò ŋutilã; elabena ɖekakpui me nɔnɔ kple ŋutsu me nónɔ toflokowoe.


Mina míase nyaawo kalã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔtvo katã tɔ!


Toflokowo ƒe tofloko! Nyagblɔla be: Nuwo kalã toflokowoe!


Elabena etsɔ nunya, sidzedze kple dzidzɔ na amesi ƒe nu dze eŋu la; ke nuvɔ̃wɔla la, etsɔ dɔwɔwɔ nɛ, be wòaƒo nu nu ƒu, eye wòali kɔ nu, ne Mawu natsɔ na amesi ƒe nu dze eŋu la. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wònye.


Meƒo klosalo kple sika, fiawo kple anyigbawo ƒe kesinɔnuwo nu ƒu; medo ŋutsu hadzilawo kple nyɔnu hadzilawo ne ɖokuinye; mese amegbetɔviwo ƒe vivisese, eye nyɔnu hɔ ɖe asinye kpaŋ.


Alesi wòle tso dadaa ƒe mi me la, nenema ke wòaganɔ amama ayii, abe alesi wole va ene, eye matsɔ naneke aɖo asi tso eƒe agbagbadzedzewo me o.


Nuka ta miebe, yewoaxlẽ ga ɖe nusi menye abolo o la ta, eye miawɔ dɔ ɖe nusi meɖia ƒo o la ta? Miɖo tom ko, ekema miaɖu nu nyui, eye miaƒe luʋɔ ƒe dzeme akɔ ɖe ami ŋu.


Azɔ, esi miate ŋu le nu suetɔ wɔm o la, nukaŋuti miele fu ɖem na mia ɖokui le nu mamleawo ŋuti mahã?


Eye miawo la, migadi nusi miaɖu alo nusi miano o, eye miaƒe tamesusu naganyama mi o.


eye amesiwo wɔa xexe sia me ŋuti dɔ la, nanɔ abe ɖe womelé eŋuti dɔ wɔm o ene; elabena xexe sia me ƒe nɔnɔme nu va yina.


Gake mienya nusi ava dzɔ etsɔ o; elabena nukae nye miaƒe agbe mahã? Elabena dzudzɔ, si dzena ɣeyiɣi kpuia ɖe, eye emegbe la megadzena o la, ke míenye.


Miaƒe sika kple klosalo lé ɣebia, eye woƒe ɣebialéle atrɔ zu ɖaseɖiɖi na mi, eye woaɖu miaƒe lãme keŋ abe dzo ene. Mieƒo nu nyuiwo nu ƒu le nuwuwu ŋkekeawo me.


Elabena „ŋutilãwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃wo katã le abe gbe ƒe seƒoƒo ene. Gbe ƒuna, eye eƒe seƒoƒo yrɔna;


Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa