Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 38:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Nye ame lɔlɔ̃wo kple xɔ̃nyewo ƒo asa nam le nye fuwɔame la ta, eye nye ƒometɔwo tsi tre ɖe adzɔge.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Ame siwo le nye agbe yome tim la tre mɔ nam, ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la le nu ƒom tso nye gbegblẽ ŋuti; ŋkeke blibo la wole ɖoɖo wɔm ɖe alakpadada ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 38:12
18 Mawu Ofanana  

Eɖe nɔvinyeŋutsuwo ɖa le ŋunye, eye xɔ̃nyewo trɔ bubui ɖem keŋ.


Edea xa ɖe ɣaɣlɛƒe abe dzata le eve dodoe me ene, edea xa ɖi, be yealé hiãtɔ la, eye wòléa hiãtɔ la henɔa ehem kple eƒe ɖɔ.


Ame vɔ̃ɖiwo tre mɔ nam, ke nyemetra ɖa tso wò seawo gbɔ o.


Yehowa, kpɔ tanye tso ame vɔ̃ɖiwo si me, eye nadzram ɖo tso ŋutsu ŋutasẽlawo si me, amesiwo ɖo ɖe tame be, yewoaɖe afɔ le tenye aƒu anyi.


Kpɔ tanye tso adoboli, si woɖo nam, kpakple nu vlo wɔlawo ƒe mɔ̃wo me.


Mezu alɔmeɖenu na nye ketɔwo katã kple nye aƒelikawo vevie ŋutɔ; mezu bibi na nye ame nyanyɛwo, eye amesiwo kpɔam le kpɔdomee la, sina le nunye.


Elabena womegblɔa ŋutifafanya o, eye woɖo alakpadanya ɖe anyigba dzi ame fafawo ŋu.


Ŋukpe kple vlododo ava amesiwo le nye luʋɔ dim la dzi, eye amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e bum ɖe tame la, agbugbɔ ɖe megbe, eye woƒe mo atsi dã.


Nyea mele gbɔgblɔm be: Yehowa, ve nunye, da gbe le nye luʋɔ ŋu, elabena mewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò!


Mawu, tsɔ wò ŋkɔ xɔ nam, eye natsɔ wò ŋusẽ tso afia nam!


Mezu amedzro na nɔvinyeŋutsuwo, kple ame manyamanya na danyeviwo.


Ede nye ame nyanyɛwo ɖa le ŋunye, eye nètsɔm ɖo ŋunyɔnui na wo, èdo ʋɔ ɖe nunye, dodo meli nam o.


Ame ɖahe nɔvlwo léa fui, ɖe eƒe xɔlɔwoya agbe kaka le eŋua? Amesi ti nya yome la, mezu naneke nɛ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa