Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 34:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nye luʋɔ atsɔ Yehowa aƒo aɖegbee, hiãtɔwo asee, eye woakpɔ dzidzɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Mido kɔkɔ Yehowa kplim; mina míawɔ ɖeka ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 34:3
18 Mawu Ofanana  

Mitsɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ƒo adegbee, amesiwo dia Yehowa la ƒe dzi nekpɔ dzidzɔ!


Eye Dawid gblɔ na ameha blibo la bena: Mikafu Yehowa, mia Mawu la! Tete ameha blibo la kafu Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, eye wobɔbɔ hede ta agu ɖe Yehowa kple fia la ŋku me.


Tete fia Xizkiya kple amegãwo ɖo na Lewi-viwo be, woatsɔ Dawid kple nukpɔla Asaf ƒe nyawo adzi kafukafuhawo na Yehowa. Wodzi kafukafuhawo kple dzidzɔ, eye wode ta agu hedo gbe ɖa.


Amesiwo ŋu nye dzɔdzɔenyenye dze la, atso aseye, eye woakpɔ dzidzɔ ahanɔ gbɔgblɔm ɖaa be: Yehowa, amesi ŋu eƒe dɔla ƒe ŋutifafa dze la, lolo!


Dzidzi neƒo amesiwo le gbɔgblɔm ɖe ŋunye be: Ehɛ̃, ehɛ̃! la, le woƒe ŋukpe la ta!


Mi dukɔwo, mikafu mía Mawu la, eye mina eƒe kafukafu naɖi woase!


Ke nyea mele nublanui me, eye veve ɖi tsi de ŋunye, gake Mawu, wò xɔname akɔm ɖe dzi.


Hiãtɔwo akpɔe, eye woɔkpɔ dzidzɔ. Mi amesiwo le Mawu dim la, miaƒe dzi negbɔ agbe!


ke boŋ amesi ke be, yeaƒo adegbe la, neƒo adegbe be, enya nu, eye wòdze sim be, nyee nye Yehowa, amesi si me amenuveve, ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye le le anyigba dzi, elabena nusiawoe nyoa ŋunye, Yehowa ye gblɔe.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, esi mahe to na aʋatsotsotɔwo kple bolotɔwo katã:


Eye Maria gblɔ bena: Nye luʋɔ do Aƒetɔ la ɖe dzi,


Eye Yudatɔ kple Helatɔ, siwo katã le Efeso la, se ale nya sia, eye vɔvɔ̃ dze wo katã dzi, eye wodo Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ ɖe dzi.


le nye lala vevie kple mɔkpɔkpɔ la nu be, ŋu nagakpem le naneke me o, hafi boŋ metsɔa dzideƒo blibo la katã bena, alesi wònɔna ɖaa la, nenema ke wòano fifia hã, be woawɔ Kristo gã ɖe nye ŋutilã ŋuti, eɖanye agbe me alo ku me o.


eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye miɖe ta agu na amesi wo dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa