Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 32:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe nufiameha. Woayra amesi wotsɔ eƒe dzidadawo kee, amesi ƒe nuvɔ̃wo dzi wotsyó nui.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Woayra ame si wotsɔ eƒe dzidadawo kee, eye wotsyɔ nu eƒe nu vɔ̃wo dzi.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 32:1
27 Mawu Ofanana  

Eye Dawid gblɔ na Natan bena: Mewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Natan gblɔ na Dawid bena: Yehowa hã ɖe wò nuvɔ̃ la ɖa; mele kuku ge o.


Tete míaƒe futɔwo gblɔ bena; Womegadze sii o, eye womegakpɔ mi o, vaseɖe esime míaɖo wo dome, eye míawu wo ahana dɔ la nu natso.


Amesi tsɔa wò vodadawo katã kea wò, eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu,


Woayrã amesiwo léa se la me ɖe asi, eye wowɔa nu dzɔdzɔe ɣeawo katã ɣli.


Mɔzɔha. Woayra amesi vɔ̃a Yehowa, eye wòzɔa eƒe mɔwo dzi la.


ede ha yeye nunye kple kafukafuha na mía Mawu la. Ame geɖewo akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖo wo, eye woaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.


Korax-viwo ƒe nufiameha na henɔ la.


Korax-viwo ƒe nufiameha, si nye lɔlɔ̃ha na henɔ la, ne woatsɔ „Dzogbenya“ ƒe gbeɖiɖi adzii.


Dawid ƒe nufiameha na henɔ la,


Dawid ƒe nufiameha na henɔ la, ne woadzi ɖe nublanuigbe me.


Dawid ƒe nufiameha na kasaŋkuwo ƒe henɔ.


Elabena ɣe kple akpoxɔnu enye Yehowa Mawu; Yehowa na amenuveve kple bubu, eye metea nu nyui amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la o.


Yehowa, eve wò anyigba nu, eye nègaɖo Yakob te,


Dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ nye wò fiazikpui ƒe anyinɔ; amenuveve kple nyateƒe le tsitre ɖe wò mo.


Yehowa be: Miva mídrɔ̃ nɔ nu! Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene, eye ne wòbiã abe aɖabɛ ene la, woazu abe alẽfu ene.


Nyee, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemaɖo ŋu wò nuvɔ̃wo o.


Mena wò dzidadawo bu abe atu ene kple wò nuvɔ̃wo abe alilikpo ene; trɔ va gbɔnye, elabena meɖe wò.


Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Woayra wò, Simon, Bar-Yona! Elabena ŋutilã kple ʋu meɖe esia fia wò o, negbe Fofonye, si le dziƒowo la ko.


Ke eya gblɔ bena: Ẽ, Woayra amesiwo le mawunya la sem, eye wole edzi wɔm la boŋ.


Woayra amesiwo nyẽ woƒe awuwo, bene woana ŋusẽ wo woava agbeti la gbɔ, eye ne woato agboawo nu ayi ɖe du la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa