Esi Dawid va eƒe me le Yerusalem la, fia la tsɔ nyɔnu ewo, siwo nye eƒe ahiãwo, amesiwo wogblẽ ɖi, be woanɔ aƒea dzi kpɔm la, de xɔ me, eye wòkpɔ wo dzi, ke medɔ wo gbɔ o; eye wotsi xɔa me, abe alesi ahosiwo nɔa agbee ene, vaseɖe woƒe kugbe.
Tete Dawid ɖi vɔsamlekpui na Yehowa ɖe afima, eye wosa numevɔ kple akpedavɔ. Eye Yehowa se gbe, si wòdo ɖa ɖe anyigba la ta, eye dɔvɔ̃ la nu tso le Israel.
Esi Dawid yi gbe do ge na eƒemetɔwo la, tete Saul vinyɔnu Mixal va kpe Dawid gblɔ bena: Aleke gbegbe Israel-fia de bubu eɖokui ŋu heɖe ama le eteviwo ƒe dɔlanyɔnuwo ŋku me egbe, abe alesi yakamewo ɖea amae ene!
Eye Salomo tsa nyi akpe blave vo eve kple alẽ akpe alafa ɖeka kple blave sa akpedavɔe na Yehowa. Ale fia la kple Israel-viwo katã kɔ Yehowa ƒe aƒe la ŋui enye si.
Amesiwo katã va tso eme yi la, si akpe ɖe ŋuwò, woɖe tsiã heʋuʋu ta ɖe Yerusalem-nyɔnuvi ŋu be: Du, si ŋu wogblɔ le be, enye nyonyowo seƒe kple anyigba blibo la ƒe dzidzɔ la, enye esia?