Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 3:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Tso, Yehowa, nye Mawu, xɔ nam! Elabena wòe ƒo tome na nye futɔwo katã, eye nʋŋe aɖu na ame vɔ̃ɖiwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona. Na be wò yayra nanɔ wò amewo dzi. Sela.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 3:8
22 Mawu Ofanana  

etsi tre ɖe agble la titina, eye wòxɔe, eye wòsi Filistitɔwo, eye Yehowa na woɖu dzi gãa ɖe.


Tɔwò menye, xɔ nam, elabena mebiaa wò seawo ta sena.


Yehowa atsɔ ŋusẽ na eƒe dukɔ; Yehowa atsɔ ŋutifafa ayra eƒe dukɔ!


Asiwò me nye agbe me nyawo le, ɖem tso nye futɔwo kple yonyemetilawo si me!


Mawu, ŋe aɖu le nu me na wo, Yehowa, ho tsyo na dzataviwo!


Eƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbetegbe; ŋkeke alesi ɣe li la, eƒe ŋkɔ amie, eye amewo atsɔe ayra wo nɔewoe; dukɔwo katã akafui.


Tso, Yehowa, megana amegbetɔ ƒe alɔ naɖe dzi o! Na woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo le ŋkuwò me!


Woblaa akpa na sɔ ɖe aʋawɔgbe ŋu, ke Yehowa si mee dziɖuɖu le.


Nyee nye Yehowa, eye xɔnametɔa ɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.


Vava, alakpae nye togbɛwo kple howɔwɔ le towo dzi; vava, Israel ƒe xɔname le Yehowa, mía Mawu la gbɔ.


Ke nyee nyee Yehowa, wò Mawu, tso Egipte-nyigba dzi ke, menye mawua ɖeke kpe ɖe ŋunye o, eye xɔnametɔa ɖeke meli abe nye ene o.


Amesiwo subɔa yakanu dzodzrowo la, gblẽa woƒe amenuveve ɖi.


Ne aɖaka la ho la, Mose gblɔna be: Yehowa, tsi tre, ne wò fofowo naka hlẽ, eye amesiwo le fu wò la, nasi le nuwò!


Miawo Mawu fɔ eƒe dɔla ɖe tsitre na gbã, eye wòdɔe ɖa, be woayra mi le esi me be, mia dome amesiame natrɔ tso eƒe vɔ̃ɖinyenyewo me.


Eye menye ame bubua ɖeke me xoxo la le o; elabena ŋkɔ bubua ɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.


Woakafu Mawu, si nye mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi tsɔ gbɔgbɔ me yayrawo katã le dziƒonutowo me yra ɖe mia dzi le Kristo me,


hegblɔ be: „Vavã matsɔ yayra ayra wò, eye mana tawò nasɔ gbɔ fũ.“


Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o; ke esia teƒe la miyra boŋ; elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, be mianyi yayra ƒe dome.


Nusiawo megbe la mese gbe gãa ɖe le abe ameha gãa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Mikafu Yehowa! Xɔname kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nanye mía Mawu la tɔ;


eye woɖo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa