4 Ke wò, Yehowa, enye nye akpoxɔnu kple nye bubu, eye wòe fɔ nye ta ɖe dzi.
4 Yehowae medo ɣli na sesĩe, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe la dzi. Sela
Le nya siawo megbe la Abram se Yehowa ƒe nya le ŋutega me bena Abram, megavɔ̃ o; nye enye wò akpoxɔnu; wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ.
Ɣaɣlaƒe kple akpoxɔnu nènye nam; wò nya la sinu dzem mele.
Gbesigbe meyɔ wò la, ètɔ nam, ède dzi ƒo nam, eye nèɖo ŋusẽ nye luʋɔ.
Yehowa, nye agakpe, nye ma kple nye xɔnametɔ; Mawu, nye aga, si mesi tso, nye akpoxɔnu, nye xɔname ƒe dzo kple nye bebeƒe!
Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.
Azɔ nye ta kɔ dzi ɖe nye futɔ, siwo ƒo xlãm godoo la ŋuti mase aseyetsovɔ le eƒe agbadɔ me, madzi ha, eye maƒo saŋku na Yehowa.
Yehowa enye nye ŋusẽ kple nye akpoxɔnu, eya ŋu nye dzi le ŋu ɖom ɖo, eye wòxɔ nam; eyata nye dzi le aseye tsom, eye matsɔ nye ha akafui.
Mido kɔkɔ Yehowa ɖem ti, eye mina miaƒo kpli ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi!
Amesiwo tsɔ ŋku ɖo eŋu la, dzidzɔ ɖo mo na wo, eye woƒe mo metsi ɖã o.
Ɖo wò kekeli kple wò nyateƒe ɖa, ne woakplɔm ayi wò to kɔkɔe la kple wò nɔƒe la gbɔe,
Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!
Nya xɔname, nye bubu kple nye ŋusẽ ƒe aga le Mawu gbɔ, eye Mawu me nye sitsoƒe le.
Elabena ɣe kple akpoxɔnu enye Yehowa Mawu; Yehowa na amenuveve kple bubu, eye metea nu nyui amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la o.
Elabena Yehowa tɔe nye míaƒe akpoxɔnu, eye míaƒe fia enye Israel ƒe kɔkɔetɔ la tɔ.
Ayɔm, eye matɔ nɛ, meli kplii le hiã me; maɖee le eme, eye mahaɖe bubu eŋu.
Mido Yehowa, mía Mawu la, ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe to kɔkɔe la ŋgɔ, elabena Yehowa, mía Mawu la, le kɔkɔe!
edzraa dzɔgbenyuie vavã ɖo ɖi na nuteƒewɔlawo, akpoxɔnu wonye na amesiwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o,
Eye woava me be, matɔ, hafi woava yɔm, eye ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.
Ese nya ɣli, megaɖe wò to da te nye kokoƒoƒo ŋu nagbe akɔfata nam o.
Mibia, eye woana mi; midi, eye miakpɔ; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi;
Ne mia dome amea ɖe le fu kpem la, nedo gbe ɖa; ne amea ɖe kpɔ dzidzɔ la, nedzi kafukafuhawo.