Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 3:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ame geɖewo le gbɔgblɔm le ŋunye be: Xɔnamea ɖeke mele Mawu gbɔ nɛ o! Sela.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 O, Yehowa, ke wò la, ènye akpoxɔnu ƒo xlãm; ètsɔ ŋutikɔkɔe kɔ ɖe dzinye, eye nèkɔ nye ta dzi.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 3:3
19 Mawu Ofanana  

Le nya siawo megbe la Abram se Yehowa ƒe nya le ŋutega me bena Abram, megavɔ̃ o; nye enye wò akpoxɔnu; wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ.


Le ŋkeke etɔ̃agbe la Farao ado wò ɖe dzi, eye wòagatsɔ wò aɖo wò dɔ nu. Eye nagatsɔ kplu ade Farao si, abe alesi nèwɔna tsã, esi nenye eƒe ahakula ene.


Eye migana Xizkiya natsɔ Yehowa ade dzi ƒo na mi agblɔ be: Yehowa aɖe mi, eye womatsɔ du sia ade asi na Asur-fia o.


vaseɖe esime mava, eye makplɔ mi ayi anyigba, si le abe mía ta ene la dzi, anyigba, si dzi bli, wein kple abolo, weingblewo, amitiwo kple anyitsi le, ne miano agbe, eye miaku o. Migado to Xizkiya o! Mia blem wòle le gbɔgblɔm be: Yehowa aɖe mí!


Esime wode aboyo Yuda-fia Yoyaxin ƒe blaetɔ̃ vɔ adre megbe, le dzinu wuievelia ƒe ŋkeke blave vo adrelia dzi la, Babel-fia. Ewil Merodax de Yuda-fia Yoyaxin tso gaxɔ me le ƒe, si me wòzu fia.


Tɔʋu, si le mɔ to la me, wòano tsi le; eyata awu ta dzi:


Ɣaɣlaƒe kple akpoxɔnu nènye nam; wò nya la sinu dzem mele.


Eye wògblɔ bena: Yehowa, nye ŋusẽ, nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o;


Azɔ nye ta kɔ dzi ɖe nye futɔ, siwo ƒo xlãm godoo la ŋuti mase aseyetsovɔ le eƒe agbadɔ me, madzi ha, eye maƒo saŋku na Yehowa.


Yehowa enye nye ŋusẽ kple nye akpoxɔnu, eya ŋu nye dzi le ŋu ɖom ɖo, eye wòxɔ nam; eyata nye dzi le aseye tsom, eye matsɔ nye ha akafui.


Mi ŋutsu ƒe viwo, zi nenie miaɖi gbɔ nye bubu, yakanu nanɔ mía ŋu nyom, eye míanɔ aʋatso yome dim? Sela.


Eya koe nye nye aga, nye xɔname kple nye mɔ̃ sesẽ, eyata nyemaʋã o!


Elabena ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o, melɔ̃ be, matsi tre ɖe kpui nu le nye Mawu ƒe me, wu esi manɔ eme vɔ̃ɖiwo ƒe agbaɖɔ me.


Yehowa ye woatsɔ atso afia na Israel ƒe ƒomeawo katã, eye woaƒo adegbe.


Ɣe maganye kekeli na wò le ŋkeke me azɔ o, eye dzinu magaɖi na wò, be xexeme nakɔ o; ke boŋ Yehowa anye wò kekeli tegbee, eye wò Mawu anye wò atsyɔ̃ɖoɖo.


kekeli ƒe nyaɖeɖefia na trɔ̃subɔlawo kple wò dukɔ Israel ƒe ŋutikɔkɔe.


Woayra wò Israel! Ameka ɖe nuwo? Dukɔ, si Yehowa ɖe, amesi nye wò akpoxɔnu kple xɔwòla, kpakple wò dziɖuɖu ƒe yi! Wò futɔwo avivi nu me na wò, ke wò la ànyã avuzi le wo dzi.


esi ŋu Mawu ƒe ŋutikɔkɔe le; eƒe keklẽ le abe kpe xɔasi ŋutɔa ɖe ene, hele abe yaspis-kpe, si me kɔ abe kristalo ene;


Eye dua mehiã ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ nɛ o; elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa