Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 28:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Xɔ na wò dukɔ, eye nayra wò domenyinu la, nyi wo, eye na tsa wo kpa ɖaseɖe mavɔ me!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Ɖe wò dukɔ, eye nàyra wò domenyinu; nànye woƒe kplɔla, eye nàkɔ wo ɖe akɔnu tegbetegbe.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 28:9
24 Mawu Ofanana  

Eye Dawid gblɔ na Gibeontɔwo bena: Nuka mawo na mi, eye nuka matsɔ alé avu mi, be miayra Yehowa ƒe domenyinu la?


Ŋkeke alesi menɔ Israel-viwo katã dome tsã la, ɖe megblɔ na Israel ƒe toawo dometɔa ɖe, si meɖo be, wòanyi nye dukɔ Israel la bena: Nukaŋuti mietu sedertixɔ nam oa?


elabena wò dukɔ kple wò domenyinu wonye, amesiwo nèkplɔ tso gakpo me le Egipte;


Elabena wò ŋutɔe ɖe wo tso anyigba dzi dukɔwo katã dome, bena woanye wò domenyinu, abe alesi negblɔ to wò dɔla Mose dzi, esime nèkplɔ mía fofowo tso Egipte ene, Aƒetɔ Yehowa!


Eye amesiwo tsi teƒe, siwo katã wole la, teƒe la nɔlawo natsɔ klosalo kple sika, kesinɔnu kple lãwo na wo akpe de nunana, siwo woana faa, ɖe Mawu ƒe aƒe, si le Yerusalem ŋu la ŋuti.


Oo, ɖe xɔname atso Zion ava na Israel! Ne Yehowa gaɖo eƒe dukɔ te le Yakob atso aseye, eye dzi ladzɔ Israel!


Mawu, ɖe Israel tso eƒe xaxawo katã me!


eɖee le alẽ vinɔwo yome, ne wòakplɔ ele dukɔ Yakob kple eƒe domenyinu Israel.


Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.


Yakob ƒe aƒe la kple Israel ƒe aƒe me ame mamleawo, miɖo tom, mi amesiwo metsɔ do agba ɖe ɖokuinye dzi tso dɔ me ke, eye metsɔ mi tso vidzidɔ me ke.


Esi woxaxa woɖo hã la, hiãa ɖeke menɔ anyi o, elabena dɔla, si me woɖea eɖokui fiana lena la, xɔ na wo; eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe tufafa ta, eye wòkɔ wo hetsɔ wo le blema ŋkekewo katã me.


Ke Yakob ƒe gome mele abe woamawo ene o, elabena eya nye nuwo katã wɔla, eye Israel enye eya ŋutɔ ƒe ƒome; Yehowa Zebaot enye eƒe ŋkɔ.


Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Mido dzidzɔɣli ɖe Yakob ŋu, eye mitso aseye ɖe dukɔwo ƒe ta ŋu! Mina kafukafuha naɖi, eye migblɔ be: Yehowa, xɔ na wò dukɔ, na Israel mamlea!


Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.


Eyama anye gŋutifafa. Eye ne Asur va míaƒe anyigba ɖzi, eye wòbe, yeaɖo afɔ mlaƒe fiasãwo me la, míadɔ lã-kplɔvi adre kple amegã enyi ɖe eŋu.


Tsɔ wò atikplɔ kplɔ wò dukɔ, wò ŋutɔ wò lãha, siwo ɖe ɖe aga le ave me le Karmel dzi; woaɖu gbe le Basan kple Gilead abe blema ene.


„Eye wò Betlexem le Yuda-nyigba dzi, menye suetɔ nènye le Yuda ƒe fiaduwo dome kura o; elabena wò me fia, si le nye dukɔ Israel nyi ge la, ado atso.“


eye bene miaƒe dzi me ŋkuwo dzi nakɔ, bene miadze si nusi nye eƒe ameyɔyɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ, kple nusi nye domenyinyi ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu la le ame kɔkɔewo me,


kple alesi wòwɔ le gbedzi, afisi nèkpɔ le bena, Yehowa, wò Mawu, tsɔ wò kpa le mɔ blibo, si nèzɔ vaseɖe afisia la dzi abe alesi ŋutsu kpa viae ene.


Elabena Yehowa tɔ enye eƒe dukɔ, eye Yakob enye domenyinu, si wòmã nɛ.


Eye medo gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, megagblẽ wò dukɔ, si nye wò ŋutɔ tɔ la o, dukɔ, si neɖe kple wò ŋusẽ gã, eye nètsɔ wò asi sesẽ kplɔe tso Egipte.


evɔ wònye dukɔ, si nye wò ŋutɔ tɔ wònye, eye nètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò abɔ, si nedo ɖe dzi kplɔ wo hafi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa