Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 28:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Se nye kokoƒogbe, ne meɖo ɣli na wò, eye mewu nye asiwo dzi ɖo ɖe wò kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Esi mekɔ nye asiwo dzi ɖo ɖe wò Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔƒe la gbɔ la, se nye ɣlidodo na nublanuikpɔkpɔ, ne meyɔ wò be nàxɔ nam.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 28:2
21 Mawu Ofanana  

Eye wòdzra megbexɔ la me ɖo, be woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la ada ɖe afima.


Eye wòtu xɔŋuxɔewo ɖe xɔ la ƒe gli ŋu godoo, ale be woƒo xlã xɔ la ƒe gliwo kple dodonuxɔ kpakple megbetɔ, eye wotso wo me kotoekotoe.


eye amea ɖe alo wò dukɔ Israel blibo la dze si fuɖename, si le eƒe dzi me, eye wòdo gbe ɖa heƒo koko, eye wòke eƒe abɔwo me do ɖe xɔ sia dzi la,


Elabena Salomo tsɔ akɔbli wɔ kɔkɔƒea ɖee heda ɖe xɔxɔnu la titina; edidi abɔklugui atɔ̃, keke abɔklugui atɔ̃, eye wòkɔ abɔklugui atɔ̃; eya dzi wòtsi tre ɖo hedze klo le Israel-ha blibo la ŋku me, eye wòke eƒe abɔwo ɖo ɖe dziƒo


Ke amesiwo dze yi woƒe mɔ gɔglɔ̃wo dzi la, Yehowa akplɔ wo akpe ɖe nu vlo wɔlawo ŋu ayii. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi!


Aƒetɔ, ɖo to nye gbe, eye nalé to ɖe nye kokoƒogbe ŋu.


Miwu miaƒe asiwo dzi ɖo ɖe kɔkɔeƒe la gbɔ, eye mikafu Yehowa!


Made ta agu ɖe wò gbeɖoxɔ kɔkɔe la ŋgɔ, eye makafu wò ŋkɔ le wò amenuveve kple wò nyateƒe la ta, elabena èna wò ŋugbedodo kɔ gbɔ wò ŋkɔwo katã ta.


Dadalawo ɖo adoboli kple ka nam, woɖo ɖɔ ɖe mɔ to, eye wotre kpa nam. Sela.


Dawid ƒe ha. Yehowa, mele yɔwòm, afɔ netsɔ ɖe ŋunye; se nye gbe, ne mele yɔwòm.


Nye gbedodoɖa nenɔ ŋkuwò me abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene, eye nye asiwo wuwu dzi nenɔ abe fiẽnuɖuvɔsa ene.


Meke nye alɔwo me na wò; nye luʋɔ ƒe veme ƒu ɖe ŋuwò kplakplakpla abe anyigba ene. Sela.


Etsrɔ̃a aʋatsokalawo; Yehowa tsria hlɔ̃me kple alakpatɔ.


Elabena wò amenuveve nyo wu agbe; nye nuyiwo akafu wò.


Fɔ nado ɣli le zã le ŋudzɔɣi ƒe gɔmedzedze! Trɔ wò dzi ƒo ɖe Aƒetɔ la ŋku me abe esi ene! Wu wò asiwo dzi nɛ le viwò, siwo dɔwuame na no te wo ŋu ɖe kpɔdomeewo ƒe dzogoewo katã dzi la ƒe agbe ta!


Ale fia Dario de ŋkɔ nuŋɔŋlɔ la le, eye wòde se la.


Esi Daniel se be, wode ŋkɔ nuŋɔŋlɔa te la, eyi eƒe me le dziƒoxɔ, si ƒe fesrewo nu ɖo ta Yerusalem la me, eye wòdze klo do gbe ɖa na eƒe Mawu hekafui gbe ɖeka zi etɔ̃, abe alesi wòwɔna tsã ene.


Eyata mele didim bena, ŋutsuwo nado gbe ɖa le afisiafi, eye woado asi kɔkɔewo ɖe dzi, dɔmedzoe kple ɖikekea ɖeke manɔmee.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa