7 ahana kafukafuha naɖi, eye maxlẽ wò nukunuwo katã afia.
7 hele wò kafukafuha dzim kple ɣli le nukudɔ siwo katã nèwɔ la xlẽm fia.
Miƒo nu le eƒe ŋutikɔkɔe ŋu le dukɔwo dome kple eƒe nukunuwo ŋu le anyigbadzitɔwo katã dome.
Midzi ha nɛ, miƒo saŋku nɛ, eye miƒo nu le eƒe nukunuwo katã ŋu!
Miʋu dzɔdzɔenyenyegbowo nam, ne mage ɖe eme ada akpe na Yehowa.
Yehowa enye Mawu, eye wòklẽ na mí. Mibla ŋkekenyuie vɔsalãwo kple ka de vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu!
Na mase wò sededewo ƒe mɔwo gɔme, eye mayi tame le wò nukunuwo ŋu.
Miwu miaƒe asiwo dzi ɖo ɖe kɔkɔeƒe la gbɔ, eye mikafu Yehowa!
Made ŋugble le wò gãnyenye ƒe atsyɔ̃ɖoɖo nyoawo kple wò nukunuwɔwɔwo ŋu.
Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu la, amesi ɖeɖe ko wɔ nukunuwo!
Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „Ŋutsuvi la ƒe ku“ ƒe gbeɖiɖi nu.
Ve nunye, Yehowa! Wò amesi ɖe asi tenye tso ku ƒe agbowo me la, kpa alesi mele fu kpemi le nye adikãtɔwo si me la ɖa:
Makafu Yehowa tso dzi blibo me, eye maxlẽ wò nukunuwɔwɔwo katã afia.
Mina míatsɔ akpedada ado ɖe eƒe ŋku me, eye míatsɔ kafukafuhawo atso aseye ɖe eŋu.
Eye esi woɖee le no nu la, ekplɔe ɖe asi, eye wòlé nyi, si xɔ ƒe etɔ̃, kpe ɖe wɔ efa ɖeka kpakple wein lãgbalẽgolo ɖeka ŋu heyi. Eye Xana kple ɖevi la wova Yehowa ƒe me le Silo.
Ɖevi sia tae medo gbe ɖa le, eye Yehowa na nusi mebiae la, va me nam.