2 Yehowa, dom kpɔ, eye nadzro menye kpɔ, lólo nye ayikuwo kple nye dzi!
2 O! Yehowa, lolom, dom kpɔ; eye nàdzro nye dzi kple tamesusu hã me,
Vodada kple nuvɔ̃ nenie le ŋunye? Na manya nye dzidadawo kple nye nuvɔ̃wo!
Eɖo nye dzi kpɔ, eye nèɖe ŋku dem le zã me; èlólom, eye mèkpɔ naneke le ŋunye o; eye susu vɔ̃ɖiwo medona le nunye o.
Oo, Mawu, elabena èdo mí kpɔ, eye nèlòlo mí, abe alesi wolóloa klosalo ene.
Yehowa enye dukɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃lã. Drɔ̃ ʋɔnum, Yehowa, de nye dzɔdzɔenyenye kple fɔmaɖimaɖi, si le ŋunye la nu!
Wò Yehowa Zebaot, amesi doa ame dzɔdzɔe la kpɔna, eye nèɖea ŋku de ayiku kple dzi la, na makpɔ wò hlɔ̃biabia ɖe wo ŋu, elabena asiwò me metsɔ nye nya de?
Matso akpa etɔ̃liawo ɖeka aɖe dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpa, abe alesi wodoa sika kpɔna ene Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu!