Eye megblɔ na Lewi-viwo be, woakɔ wu ɖokui ŋu, eye woava dzɔ agboawo nu, ne woawo dzudzɔgbe la kɔkɔe. Nye Mawu, ɖo ŋu esia hã nam, eye nakpɔ tanye le wò amenuveve gã la nu!
Anyigba dzi kpɔla tsãtó, siwo nɔ ŋgɔnye la, do agba na dukɔ la, eye woxɔa abolo kple wein wòwu klosalo sekel blane le wo si gbesiagbe, eye woƒe ɖekakpuiwo hã se ŋuta le dukɔ la ŋu; ke nye la nyemewɔ alea o, le vɔvɔ̃ na Mawu ta.
amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!