Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 25:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Amesiwo katã kpɔa mɔ na wò hã, ŋu makpe wo o; ke ŋu akpe amesiwo trɔ le yowòme yakatsyɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe dziwò la, ŋu makpee akpɔ gbeɖe o; gake ŋu akpe ame siwo nye vivimenuwɔlawo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 25:3
32 Mawu Ofanana  

Zebulon anɔ ƒutanyigbawo dzi le ʋudzeƒewo, eye eƒe liƒo ade Zidon ke.


Ale Saul ku le eƒe vodada de Yehowa ŋu kple Yehowa ƒe nya, si me mele ɖe asi o la ta. Ede ŋɔliyɔlawo hã gbɔ ɖabia gbe wo se,


Wotsɔ fuléamenyawo ɖe to ɖem, eye wowɔ avu kplim yakatsyɔ.


Ŋu nekpe dadalawo, elabena wotem ɖe anyi yakatsyɔ; ke nyea wò seawo ŋu medea ŋugble lena.


Kpɔ ɖa, alesi dɔlaŋutsuwo ƒe ŋku nɔa woƒe aƒetɔ ƒe asi ŋu, eye dɔlanyɔnuwo ƒe ŋku nɔa woƒe aƒenɔ ƒe asi ŋui la, nenema míefɔ ŋku ɖe Yehowa, mía Mawu la dzi, vaseɖe esime wòave mía nu.


Mata ŋukpe na eƒe futɔwo, ke eƒe fiakuku aklẽ le ta nɛ.


Wòe wodo ɣli na, eye woɖe wo; ŋuwò woɖo ŋu ɖo, eye ŋu mekpe wo o.


Kpɔ mɔ na Yehowa, se ŋu, eye nalé dzi ɖe ƒo! E, kpo mɔ na Yehowa!


Na wò ŋku me naklẽ ɖe wò dɔla dzi, eye natsɔ wò amenuveve axɔ nam!


Yehowa, megana ŋu nakpem o, elabena mele yɔwòm; ŋu nekpe ame vɔ̃ɖiwo, eye woƒe nu netɔ kpe le tsiẽƒe!


Míaƒe luʋɔ le mɔ kpɔm na Yehowa, míaƒe xɔname kple akpoxɔnu wònye.


Ŋu nekpe amesiwo le dzidzɔ kpɔm le nye dzɔgbevɔ̃e ŋu la, eye woƒe mo netsi dã: vlododo kple ŋukpe nenyẽ tsyɔ amesiwo le asi ƒum akɔ ɖe ŋunye la!


Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nanyi anyigba la dome, eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.


Yehowa se nye kokoƒoƒo. Yehowa xɔa nye gbedodoɖa alɔ eve.


Dawid ƒe ha na henɔ Yedutun.


Vavã, woɖo ɖe tame be, yewoatutui tso eƒe kɔkɔƒe la; alakpadada sɔe na wo pɛ, woyra ame kple woƒe nu, ke fiƒoɖe le woƒe dzi me. Sela.


Meɖo ɣli nu ti kɔ nam, eye nye gbe me xe, mele mɔ kpɔm na nye Mawu ʋuu wòti nye ŋkuwo.


Mawu, enya nye bometsitsi, eye nye fɔɖiɖiwo meɣla ɖe wò o.


Ŋu nekpe amesiwo lé fu nye luʋɔ la, eye wo nu neyi; vlododo kple ŋukpe nenyẽ tsyɔ amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e dim la!


Ɣemaɣi woagblɔ bena: Kpɔ ɖa, mía Mawu, amesi ŋu míedo ŋu ɖo be, aɖe mi la, enye si; Yehowa, amesi ŋu míeɖo ŋu ɖo la, enye si! Mina miatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ le eƒe xɔname ŋu!


ke ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖoa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua ɖu metia wo o, wòzɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.


Fiawo anye vinyilawo na wò, eye wo srɔ̃wo anye nonala na wò; woade ta agu atsyɔ mo anyi ɖe ŋkuwò me, eye wòaɖuɖɔ wò afɔ ŋu ke, eye adze si be, nyee nye Yehowa, eye nyemenana ŋu kpea amesiwo ɖoa ŋu ɖe ŋunye la o.


Ke Yehowa, nye kalẽtɔ sesẽ, li kplim, eyata yonyemetilawo adze anyi, eye woƒe alɔ made dzi o, ŋu akpe wo, elabena womedze aye o, ŋukpe mavɔ, si womaŋlɔ be akpɔ o la, wòanye


Yehowa ƒe ɖɔme nyo ɖe amesi le dzi ɖom ɖe eŋu, kple luʋɔ si le edim la ŋu.


Ke nye la matsa ŋu na Yehowa, eye makpɔ Mawu, nye xɔnametɔ sinu; nye Mawu ase nye gbe.


Gake bena woawu nya, si woŋlɔ ɖe woƒe sea me la nu bena: „Woléa fum dzodzro!“


Ke ne míele mɔ kpɔm na nusi míekpɔna kple ŋku o la, míele elalam le dzidodo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa