Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 24:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Esia nye amesiwo biaa eta sena la ƒe ƒome, amesiwo dia wò, Yakob ƒe Mawu la, ƒe ŋku me. Sela.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 O! Yakob ƒe Mawu, aleae dzidzime si dia wò, eye wòdia ŋkuwòme la le. Sela

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 24:6
8 Mawu Ofanana  

Mibia Yehowa kple eƒe ŋusẽ la se, eye midi eƒe ŋku me ɖaa!


Amesiwo katã da ami le anyigba dzi la, ade ta agu ɖe eŋku me, eye amesiwo katã aɖo agu ɖe ke me la, adze klo nɛ. Ke nye luʋɔ ya le agbe nɛ.


Nye dzi tsa wò nya gaɖo ŋkuwò me be: „Midi ŋkunye me!“ Yehowa, ŋkuwò me madi.


Ɖe nye hã megblɔ be, maƒo nu abe woawo ke ene la, anye ne meto vo ɖe viwòwo ƒe dzidzime ŋu.


Ke Yehowa ɖi be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etso eɖokui wo fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didie, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo adze edzi to eƒe asi dzi.


Yesu kpɔ Natanael gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ le eŋuti bena: Kpɔ ɖa, Israeltɔ vavãe, amesi me alakpa mele o.


Eyata xɔse me wòtso, bene wòanye le amenuveve nu, bene ŋugbedodo nali zã na ƒome sia ƒome, menye amesiwo tso sea me ɖeɖeko o, hafi amesiwo tso Abraham ƒe xɔse me hã, amesi nye mí katã mia fofo la,


Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa