2 Elabena eɖo egɔme anyi ɖe atsiaƒu dzi, eye wòlii anyi ɖe tɔsisiwo dzi zã.
2 Elabena eɖoe anyi ɖe atsiaƒu dzi, eye wòɖo egɔme anyi ɖe tɔsisiwo dzi gli.
Tso esia dzi, ŋkeke alesi anyigba li la, nuƒaƒã kple nuŋeŋe, viwo kple fifia, dzomeŋɔli kple pepi, ŋkeke kple zã nu matsi o.
Afika nènɔ, esime meɖo anyigba gɔme anyi? Ne nunya le tagbɔ na wò la, ekema gblɔe!
Eya, amesi keke anyigba de tsiwo dzi, elabena eƒe amenuveve li tegbee.
Yehowa ƒe nye wotsɔ wɔ dziƒowoe, eye eƒe nu me gbɔgbɔ wotsɔ wɔ wo ŋu nuwo katàe.
Tɔwòe nye dziƒo, tɔwòe nye anyigba hã, xexeame kple eme nuwo, wòe ɖo wo gɔme anyi.
Yehowa enye fia! Eta ganyenye, Yehowa ye me, etsɔ ŋusẽ bla ali dzi, eyae li ke xexeame, mana o.
Eya si me anyigba ƒe globoƒewo le, eye etɔe nye towo ƒe tsutsuẽƒe;
Migblɔ le dukɔwo dome be: Yehowa ye nye fia! Xexeame li ke, maʋã o. Àdrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo ne eteƒe.
Yehowa be: Ɖe miagbem vɔvɔ̃, eye miadzo nyanyanya le ŋkunye me oa? Nye amesi tsɔ ke do liƒo na atsiaƒu wònye kpododo mavɔ, si dzi magbɔ o, ne edze agbo hã, mate ŋui o, eye ne eƒe tsotsoewo le gbe ɖem hã, magbɔ edzi ayi o.