Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 24:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe ha. Yehowa tɔe nye anyigba kple nusiwo yɔ edzi, xexeame kple eme nɔlawo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Anyigba kple nu siwo katã yɔ edzi, xexea me kple emenɔlawo katã nye Yehowa tɔ.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 24:1
18 Mawu Ofanana  

Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye kple ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, bubu kple kafukafu, elabena nusianu, si le dziƒo kple anyigba la, tɔwòe. Yehowa, tɔwòe nye fiaɖuƒe, eye wòe ɖo kpo ɖe nusiwo katã ƒe ŋkɔ de dzi la dzi.


Yehowa, mía Mawu, nu gbogbo siawo, siwo mieƒo ƒu, be míatsɔ atu xɔ na wò hena wò ŋkɔ kɔkɔea la, tso asiwò me, eye tɔwòe nye wo katã.


Amazya gblɔ na Mawu ƒe ame la bena: Evɔ talento alafa ɖeka, si metsɔ na Israel ƒe amehaawo ɖe? Mawu ƒe ame la ɖo ŋu bena: Yehowa ana nu geɖe wò wu esia.


Ameka tsa anyigba ɖe asi nɛ, eye ameka ɖo xexeme godoo la gɔme anyi?


Kakati bibiwo dona tsoa eƒe nu me, eye dzoxiwo hlẽna ŋeŋeŋe.


Ameka tre nu nanam, ne maɖo eteƒe nɛ? Nusiwo le dziƒo blibo la te la, tɔnye wonye.


Elabena tɔnyee nye avemelãwo katã kple lã akpe nane, siwo le towo dzi.


Ɖe nye dɔe le wuyem la, ne nyematoe na wò o, elabena tɔnyee nye xexeame godoo kple eme nu gbogboawo.


Egbã Raxab gudugudu, abe amesi woda nui ene, eye nèka wò futɔwo hlẽ.


Tɔwòe nye dziƒo, tɔwòe nye anyigba hã, xexeame kple eme nuwo, wòe ɖo wo gɔme anyi.


Atsiaƒu kple eme nuwo neɖe gbe kpe ɖe xexeame kple eme nɔlawo ŋu!


Azɔ ne míaɖo to nye gbe, eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tanye koŋ le dukɔwo katã dome, elabena anyigba blibo la tɔnyee.


Mose ɖo ŋu nɛ bena: Ne menya do le dua me ko la, make nye abɔwo me na Yehowa, bena dziɖegbe la nu natso, eye kpetsia nadzudzɔ dzadza, ne nanyae be, Yehowa ta enye anyigba la.


Nusiawo katã va fia Nebukaɖnezar dzi.


Zion-nyɔnuvi, tso nafanya nu! Elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, eye wò afɔkli nanye akɔbli, ne nagbã dukɔ geɖewo gudugudu, eye nakɔ aboyonuwo ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba blibo la dzi Aƒetɔ.


Towo ʋuʋu le eŋgɔ, togbɛwo lólo gbanaa, eye anyigba kple xexeame kpakple emenɔlawo katã dzo kpekpekpe le eŋku me.


Elabena anyigba la kple nusiwo katã yɔ edzi la, nye Aƒetɔ la tɔ.


Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo kple anyigba kpakple nusiwo katã le edzi, wonye Yehowa, wò Mawu la to;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa