Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 23:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Lãnyiƒe damawo wona metsyɔ akɔ ɖo; gbɔɖemeƒe tɔwo nu wòkplɔm yii.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Lãnyiƒe damawo dzi wòna metsyɔ akɔ ɖo, eye wòkplɔm yi tɔʋu fafɛwo gbɔe,

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 23:2
11 Mawu Ofanana  

Ne ena gbɔɖeme va aƒe la, ameka abu fɔe? Eye ne eɣla eƒe mo la, ameka ate ŋu akpɔe? Ke eƒe ŋkn le dukɔwo kple amegbetɔwo katã ŋu,


ne eƒe tɔwo dze agbo, eye wotso futukpɔ, eye towo ʋuʋu le eƒe nyanyrã me hã. Sela.


Eyome wova Elim. Afima vudo wuieve kple deti blaadre le; eye woƒu asaɖa anyi ɖe afima le tsia gbɔ.


Ana tsi nadza ɖe nuku, siwo nèƒã ɖe agble me la dzi, nuɖuɖu, tsi tso wò agble me nukuwo me la, avivi, eye woada ami; le ɣemaɣi la wò lãwo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo;


Esi dukɔ sia do vlo Siloa-tsi, si sina blewu la, eye wòkpɔ dzidzɔ kple Rezin kpakple Remalya vi la,


Eye wògblɔ nam bena: Eva ve me! Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu. Amesi ke tsikɔ le ewum la, mana agbetsidzidzi la ƒe ɖee faa.


Eye wòfia agbetsitɔsisia ɖe, si le dzo sim abe kristalo ene, hele dodom tso Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui me le eƒe ablɔ la titina lam.


Eye Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nèxɔ agbetsi la no faa.


elabena alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa