Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 23:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe ha. Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehlãam o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Yehowae nye kplɔnyela, eya ta naneke mahiãm o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 23:1
25 Mawu Ofanana  

Hiã tua dzataviwo, eye dɔ wua wo, ke amesiwo dia Yehowa la, kesinɔnua ɖeke mehiãa wo o.


Ena eƒe dukɔ ho abe alẽwo ene, eye wòkplɔ wo le gbedzi abe lãhawo ene.


Ke mí, wò dukɔ kple wò lãnyiƒe ƒe alẽwo, míada akpe na wò tegbee, eye míaxlẽ wò ŋkɔxɔxɔ afia le dzidzimewo katã me.


Elabena ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o, melɔ̃ be, matsi tre ɖe kpui nu le nye Mawu ƒe me, wu esi manɔ eme vɔ̃ɖiwo ƒe agbaɖɔ me.


Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.


Mi dukɔwo, mise Yehowa ƒe nya, mitoe le ƒukpowo dzi le didiƒe gblɔ bena: Eya, amesi kaka Israel hlẽ la, agaƒo enu ƒu, eye wòanyii, abe alesi lãkplɔvi nyia lãhae ene.


Manyi wo le lãnyiƒe nyuiwo, eye woƒe gbeɖuƒe anɔ Israel ƒe to kɔkɔwo ta me; afima woatsyɔ akɔ ɖo le gbeɖuƒe nyuiwo, eye lãnyiƒe damawo anɔ wo si le Israel-towo dzi.


Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.


Eyama anye gŋutifafa. Eye ne Asur va míaƒe anyigba ɖzi, eye wòbe, yeaɖo afɔ mlaƒe fiasãwo me la, míadɔ lã-kplɔvi adre kple amegã enyi ɖe eŋu.


Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.


Nye la meva, bena woakpɔ agbe kple agbɔsɔsɔ.


Nyee nye alẽkplɔla nyui la; eye menya tɔnyewo, eye tɔnyewo hã nyam;


Amesi mehe ye ŋutɔ ƒe Vi ɖe megbe o, ke wòtsɔe hena ɖe mi katã mia ta boŋ; aleke lawɔ, eye matso nuwo katã hã akpe ɖe eŋuti na mí oa?


Ke nye Mawu la ana miaƒe hiahiã katã nazu nukpɔkpɔ taŋtaŋ le eƒe kesinɔ la nu le ŋutikɔkɔe me le Kristo Yesu me.


Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la,


Elabena miele abe alẽ tatrawo ene; ke azɔ la mitrɔ va miaƒe luʋɔwo ƒe kplɔla kple dzikpɔla la gbɔ.


ekema ne alẽkplɔla gã la lado la, miaxɔ ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku magblẽmagblẽ la.


elabena alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa