Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 22:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke nye la ŋɔ menye, menye amegbetɔ o; amewo ƒe alɔmeɖenu menye, eye dukɔ la ɖo vlom.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Ame siwo katã kpɔm la ɖe alɔme le ŋunye; woflɔa dzu ɖe dzinye, eye woʋuʋua ta ɖe ŋunye gblɔna be:

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 22:7
22 Mawu Ofanana  

Ame ŋutɔ xɔlɔ̃wo ƒe alɔmeɖenu menye tsã, nye amesi yɔa Mawu, eye wòɖoa toe, nye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la anye alɔmeɖenu!


Woke woƒe nu ɖe ŋunye baa, woɖu fewu heƒo tome nam, eye wotso ha ɖe ŋunye.


Nye hã mate ŋu aƒo nu abe miawo ene; ɖe wònye miawoe xa ɖe tenyeƒe la, anye ne matrɔ nyawo aƒo ɖe anyi ɖe mia ŋu, eye maʋuʋu ta ɖe mia ŋu;


Nyea mezu alɔmeɖenu na wo, wokpɔm, eye woʋuʋu ta.


Yehowa, megana ŋu nakpem o, elabena mele yɔwòm; ŋu nekpe ame vɔ̃ɖiwo, eye woƒe nu netɔ kpe le tsiẽƒe!


Etsɔ mí wɔ vlodonu na míaƒe aƒelikawo kple alɔmeɖenu kpakple nu ɖikokoea na amesiwo ƒo xlã mi.


Ale Yehowa, Israel ƒe xɔnametɔ kple eƒe kɔkɔetɔ la gblɔ na amesi wodo vloe, amesi dukɔ la nyɔ ŋui, amesi nye dziɖulawo ƒe kluvi la, enye si; Fiawo akpɔe ahatso ɖe tsitrenu, eye amegãwo aɖe ta agu le Yehowa, amesi metrɔa ta me o la ta, le Israel ƒe kɔkɔetɔ, amesi tia wò la ta.


Amegbetɔwo do vloe, eye wogbee, ŋutsu kpehiã kple amesi dzi dɔléle le la wònye, wodo vloe abe amesi ta wotsyɔ nu ŋku me ɖo la ene, eye míebui ɖe naneke me o.


Ameka ŋu miele fefem le, ameka ŋu mieke nu ɖo baa, eye miedo aɖe ɖe go biɖaa ɖo? Ɖe menye godzelawo ƒe dzidzimeviwo kple alakpaviwo mienye,


Eye wotsɔ ŋu he tsihe ɖɔ nɛ, eye wotsɔ ayeti de nuɖusi me nɛ, eye wodze klo ɖe eƒe ŋku me, ɖu fewu le eŋuti gblɔ bena: Mieɖo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia!


egblɔ na wo bena: Mite yi megbe! Elabena nyɔnuvia meku o; ke alɔ̃e wòdo. Eye wokoe.


Eye esi woɖu fewu le eŋuti vɔ la, woɖe awu dzi la le eŋu, eye wogatsɔ ye ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ, eye wokplɔe do goe, bena woaklãe ɖe ati ŋuti.


Eye amesiwo le eŋuti tom le yiyim la, do ɖiŋu nɛ hele ta ʋuʋum, eye wole gbɔgblɔm bena: Hoo na wò, wò amesi le mawuxɔ la gbãm, eye nègale etum le ŋkeke etɔ̃agbe la;


Eye farisitɔwo, siwo nye galɔ̃lawo la, se nusiawo katã, eye woɖo hehe ɖe eta.


Ke Herodes kple eƒe asrafowo ɖo vloe, eye woɖu fewu le eŋu, eye esi wodo aklalabiɖibiɖiwu nɛ la, egbugbɔe ɖo ɖe Pilato gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa