Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 22:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ŋuwò mía fofowo ɖo ŋu ɖo, ŋuwò woɖo ŋu ɖo, eye nèxɔ na wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Wodo ɣli na wò, eye nèɖe wo, dziwòe woka ɖo, eye ŋu mekpe wo o.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 22:5
17 Mawu Ofanana  

Mawu kpe ɖe wo ŋu, ale be Hagritɔwo kple amesiwo katã kpe ɖe wo ŋu la, ge ɖewo si me; elabena wodo ɣli yɔ Mawu le aʋa la me, eye wòɖo to wo, le esi woɖo ŋu ɖe eŋu ta.


Ekpɔ woƒe hiã la ɖa, eye wòse woƒe ɣli.


Dawid ƒe ha na henɔ la.


Yehowa, wòe mesi tso, megana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o!


Yehowa atso xɔname mavɔ aɖe Israel; ŋukpe kple vlododo malé mi tegbetegbe akpɔ o.


Fiawo anye vinyilawo na wò, eye wo srɔ̃wo anye nonala na wò; woade ta agu atsyɔ mo anyi ɖe ŋkuwò me, eye wòaɖuɖɔ wò afɔ ŋu ke, eye adze si be, nyee nye Yehowa, eye nyemenana ŋu kpea amesiwo ɖoa ŋu ɖe ŋunye la o.


Amesiwo katã kpɔ wo la, ɖu wo, eye woƒe futɔwo gblɔ bena; Míeɖi to o, elabena ɖe wowɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa, woƒe dzɔdzɔenyenye ƒe lãnyiƒe, kple Yehowa, wo fofowo ƒe mɔkpɔkpɔ la ŋu.


Tete Nehukadnezar xɔ edzi gblɔ bena: Woakafu Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ƒe Mawu la, amesi dɔ eƒe dɔla ɖa, be wòade eƒe subɔla, siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu, wo amesiwo da fia ƒe nya dzi, eye wotsɔ wo ɖokui na, be yewomagasuhɔ mawu bubua ɖeke alo aɖo gbe ɖa nɛ akpe ɖe yewoƒe Mawu la ŋu o.


Elabena ŋɔŋlɔ la gblɔ be: „Amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o.“


abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Kpɔ ɖa, meɖo nukikli ƒe kpe kple nuɖiaɖia ƒe agakpe anyi ɖe Zion, eye amesiame, si xɔa edzi sena la, womado ŋukpee o.“


Eyata wòle ŋɔŋlɔ la me bena: „Kpɔ ɖa, meɖo dzogoedzikpe tiatia xɔasi anyi ɖe Zion, eye amesi ke xɔ edzi se la, ŋu mele ekpe ge o.“


Eye Israel-viwo ɖo ɣli na Yehowa, elabena gatasiaɖam alafa asieke le esi, eye wòle Israel-viwo ɖe anyi sesẽtɔe ƒe blave sɔŋ.


Ale Israel ɖi gbɔ le Midiantɔwo ŋku me, eye Israel-viwo do ɣli yɔ Yehowa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa