10 Elabena wòe hem tso dɔ me, eye nèna menɔ ɖanye ƒe no nu bɔkɔɔ.
10 Wòe nye nye Mawu tso danye ƒe dɔ me ke, eye tso ɖevime wotsɔm de asi na wò.
Mi ƒukpowo, miɖo tom, mi adzɔge dukɔwo, miƒu to anyi! Yehowa yɔm tso dɔ me ke, eye wòyɔ ŋkɔnye tso danye ƒe do me ke.
Hafi mava mè wò ɖe ɖɔ me la, menya wò, mekɔ ŋuwò, hafi nèdo tso dɔ me, eye metsɔ wò ɖo nyagblɔɖilae na dukɔwo.
Eye ɖevi la tsi, eye wòva sẽ ŋu, eye nunya yɔe fũ, eye Mawu ƒe amenuveve le edzi?
Eye Yesu tsi ɖe dzi le nunya kple tsitsi kple amenuveve le Mawu kple amewo gbɔ la me.
Yesu gblɔ nɛ bena: Megaka asi ŋunye o; elabena nyemekpɔ yi dziƒo, Fofo la gbɔ, haɖe o, ke yi nɔvinveŋutsuwo gbɔ, eye nagblɔ na wo bena: Meyina dziƒo ɖe Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu la gbɔ.
Ke esime wòdze Mawu, si tiam le danye ƒe dome ke, eye wòto eƒe amenuveve me yɔm la ŋu,