Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 21:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ebia agbe tso asiwò, eye néna agbe didii ɖaa tegbee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Eƒe ŋkɔxɔxɔ de du to dziɖuɖu siwo nènae la me. Ètsɔ atsyɔ̃ kple bubu kɔ ɖe eya amea dzi.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 21:5
24 Mawu Ofanana  

Aƒetɔ Yehowa, ɖe esia nye nu tse le ŋkuwò me, hafi nègado nusi ava gbaɖegbe la ŋugbe ɖe wò dɔla ƒe aƒe la ŋua? Esia nye nusi nèɖo ɖe amegbetɔvi ŋua, Aƒetɔ Yehowa!


Ne èzɔ nye mowo dzi helé nye ɖoɖowo kple sewo me ɖe asi, abe alesi fofowò Dawid zɔe ene la, ekema mana wò agbeŋkekewo nadidi.


eyata lɔ̃, ne nayra wò dɔla ƒe aƒe, ne wòanɔ ŋkuwò me tegbee, elabena ne wò Yehowa nèyra la, yayra la nɔa anyi tegbee!


Dawid ƒe ha. Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be: Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò fulɔwo awɔ wò afɔɖodzinu!


Ele abe Xermon-zãmu, si le tsyɔtsyɔm ɖe Zion-towo dzi la ene; elabena gama Yehowa ɖo yayra kple agbee tegbee.


Ame geɖewo le gbɔgblɔm le ŋunye be: Xɔnamea ɖeke mele Mawu gbɔ nɛ o! Sela.


Tsɔ ŋkekewo kpe fia la ƒe ŋkekewo, eye eƒe ƒewo netso dzidzime yi dzidzime!


Eya koe nye nye aga, nye xɔname kple nye mɔ̃ sesẽ, eyata nyemaʋã o!


nuka nye amegbetɔ, be néɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be néléa ŋku ɖe eŋu?


Gãnyenye kple ŋutikɔkɔe le eŋku me, ŋusẽ kple atsyɔ̃ le eƒe kɔkɔeƒe la.


Amekae nye esi tso Edom gbɔna, eye wole awu dziwo me tso Bozra, amesi tsɔ eƒe awuwo ɖo atsyɔ̃e, eye wòle yiyim le eƒe ŋusẽ geɖe la me? Nyee nye amesi ƒoa nu ɖe eteƒe, eye xɔname bɔ ɖe asinye.


Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.


Nusiawo Yesu gblɔ, eye woti wu eƒe mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògblɔ bena: Fofo, gaƒoƒo la de, kɔ Viwò la ŋuti, bena Viwò hã naka ŋutiwò.


Eye nye la, ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam la, metsɔe na wo, bena woazu ɖeka, sigbe alesi miawo hã míele ɖeka ene.


Eye azɔ wò hã, Fofo, kɔ ŋutinye le wò ŋutɔ gbɔwò kple ŋutikɔkɔe, si mekpɔ le gbɔwò, hafi xexeame va dzɔ la.


Ke nya, siwo miegblɔ la, ƒe emenya gãtɔ enye esi. Nunɔlagã sia tɔgbe le mia si, amesi bɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye fiazikpui la ƒe nuɖusi me le dziƒowo,


amesi yi ɖe dziƒo, eye wòle Mawu ƒe nuɖusi me, eye mawudɔlawo kple dziɖuɖuwõ kpakple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa