Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 21:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ewɔ eƒe dzimedidiwo dzi nɛ, eye mète nusi eƒe dzi di lae o. Sela.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ètsɔ yayra xɔasi geɖewo do dza nɛ, eye nètsɔ fiakuku si wowɔ kple sika nyuitɔ la ɖɔ nɛ.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 21:3
16 Mawu Ofanana  

Eye wòɖe fiakuku la le woƒe fia ta; eƒe kpekpeme le sika talento ɖeka, eye kpe xɔasi le eŋu, eye Dawid tsɔe ɖɔ. Aboyonu, siwo wotsɔ tso dua me gbɔe la, sɔ gbɔ ŋutɔ.


Tete Yuda-ŋutsuwo va, eye wosi ami na Dawid le afima, ne woaɖu fia ɖe Yuda ƒe aƒe la dzi. Eye wova gblɔ na Dawid bena: Yabes-Gileadtɔwoe nye amesiwo ɖi Saul.


Ale Israel-amegãwo katã va fia la gbɔ le Xebron, eye fia Dawid bla nu kpli wo le Xebron le Yehowa ŋku me, eye wosi ami na Dawid, ne woaɖu fia ɖe Israel dzi.


Tete Dawid xɔ woƒe fia ƒe kuku le eta, eƒe kpekpeme le sika talento ɖeka, eye kpe xɔasia ɖe le eŋu, eye Dawid tsɔe ɖɔ, eye wòhe aboyonu tso dua me gbɔe kpaŋkpaŋ.


Eyata Yehowa Mawu, mia kple wò ŋusẽ ƒe aɖaka la mitso, ne miayi ɖe wò gbɔɖemeƒe la! Yehowa Mawu, wò nunɔlawo nado xɔxɔ, eye wò ame dzɔdzɔewo nakpɔ dzidzɔ le nu nyuiwo ŋu!


Kakati bibiwo dona tsoa eƒe nu me, eye dzoxiwo hlẽna ŋeŋeŋe.


Eɖem tso nye futɔ kako la si me, kple nye ketɔwo si me, elabena wotri akɔ wum.


Awɔ na wò le wò dzimedidi nu, eye wòawɔ wò tameɖoɖowo katã dzi na wò.


Woade ga nu na aʋatsoka-nuyiwo, amesiwo gblɔa nya vlo ɖe ame dzɔdzɔe la ŋu le ɖaɖa kple vloɖoɖo me.


Nye ŋusẽ, asiwò nu kpɔm mele, elabena Mawu enye nye sitsoƒe.


Alo ameka tre nu nanae, bene woagaɖo eteƒe ne mahã?


Alo ɖe nèdoa vlo Mawu ƒe dɔmenyonyo kple dzidodo kple dzigbɔgbɔ blewu ƒe agbɔsɔsɔ la, eye menyae bena, Mawu ƒe dɔmenyonyo kplɔa wò yina ɖe dzimetɔtrɔ me o mahã?


Woakafu Mawu, si nye mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi tsɔ gbɔgbɔ me yayrawo katã le dziƒonutowo me yra ɖe mia dzi le Kristo me,


Gake miekpɔ Yesu, amesi wòbɔbɔ ɖe anyi ɣeyiɣi kpuia ɖe wu mawudɔlawo la bena, le ku ƒe fukpekpe ta la wotsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ, bene wòaɖɔ ku akpɔ ɖe amesiame nu to Mawu ƒe amenuveve me.


eye eƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye fiakuku geɖewo le eta, eye ŋkɔŋɔŋlɔ, si amea leke menya o, negbe eya ŋutɔ koe la, le eŋu;


Tete Samuel tsɔ lãdzo, si me ami le, eye wòsi ami nɛ le nɔviawo dome. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Dawid dzi tso gbemagbe dzi. Eye Samuel dze mo yi Rama.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa