Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 20:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Aɖo xɔname ɖe wò tso kɔkɔeƒe la, eye wòado alɔ na wò tso Zion.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Neɖo ŋku wò vɔsawo katã dzi, eye wòaxɔ wò numevɔsawo. Sela

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 20:3
11 Mawu Ofanana  

Habel hã tsɔ eƒe lãwo ƒe ŋgɔgbevi, siwo dami la ƒe ɖewo vɛ. Eye Habel kple eƒe nunana dze Yehowa ŋu;


Eye Dawid ɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa hesa numevɔ kple akpedavɔ. Eye esi wòyɔ Yehowa la, etɔ ne, eye wòna dzo tso dziƒo va numevɔsamlekpui la dzi.


Esi Salomo do gbe da vɔ la, dzo tso dziƒo va fiã numevɔsawo kple akpedavɔsawo, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ xɔ la.


Yehowa ayra wò tso Zion, eye àkpɔ Yerusalem ƒe dzɔghenyuie le wò agbe me ŋkekewo katã me.


Yehowa, dzikple anyigbawɔla, ayra wò tso Zion!


Vɔsewo na Mawu wonye gbɔgbɔ, si wote de anyi; Mawu, màdo vlo dzi gbagbã, si tugu la o.


Kedar ƒe lãhawo katã aƒo ƒu ɖe ŋuwò, eye Nebayot ƒe agbowo asubɔ wò; woava nye vɔsamlekpui dzi, ne woadze ŋunye, eye mawɔ leke na nye atsyɔ̃xɔ la.


Eye dzo tso Yehowa gbɔ fiã numevɔsalã kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Dukɔ blibo la kpɔe, eye wotso aseye hetsyɔ mo anyi.


Ke esi eya kpɔe gã, eye wòvɔ̃ la, egblɔ bena: Nukae, Aƒetɔ? Eye wògblɔ nɛ bena: Wò gbedodoɖawo kple wò dɔmenyowɔwɔwo yi dzi le Mawu ŋku me hena ŋkuɖoɖodzi.


eye mizɔ le lɔlɔ̃ me, abe alesi Kristo hã lɔ̃ mi, eye wòtso eɖokui hena ɖe mia ta, bene wòanye nunana kple vɔsa na Mawu, bene wòanye ʋeʋẽ lilili nyui la ene.


eye abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa