2 Yehowa aɖo to wò le xaxagbe, Yakob ƒe Mawu la akpɔ tawò.
2 Neɖo kpekpeɖeŋu ɖe wò tso kɔkɔeƒe la, eye wòaɖo xɔname ɖe wò tso Zion.
Ke Dawid xa Zion-mɔ̃ la, eya nye Dawid ƒe du.
Eye wotsɔ Yehowa ƒe aɖaka la va da ɖe enɔƒe le agbadɔ, si Dawid tu nɛ la me, eye Dawid sa numevɔ kple akpedavɔ le Yehowa ŋku me.
Eklã sederʋuƒowo ɖe megbexɔ, si didi abɔklugui blave la, hã me tso anyi me datɔ daɖedziawo. Alea wòwɔ megbexɔ, si nye kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la mee.
Ke wò, Yehowa, enye nye akpoxɔnu kple nye bubu, eye wòe fɔ nye ta ɖe dzi.
Mawu, tsɔ wò ŋkɔ xɔ nam, eye natsɔ wò ŋusẽ tso afia nam!
vaseɖe esime mege de Mawu ƒe kɔkɔeƒe la, eye melé ŋku ɖe woƒe nuwuwu ŋu.
Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.
Zion-nɔla, kpɔ dzidzɔ, eye natso aseye, elabena Israel ƒe kɔkɔetɔ la tri akɔ le dowò me.
Eye aleke woahaɖo eŋu na dukɔwo ƒe ame dɔdɔwo ma? Yehowa tso Zion, eye eyae eƒe dukɔ ƒe hiãtɔwo asi atso.