Eye woagbã wo, abe alesi zemela ƒe ze gbãna gudugudu, ale be sonu gaglɛa ɖeke menɔa gbagbã la me, si woatsɔ aɖe dzo le adokpo me, alo woatsɔ aɖu tsii le vudo me o la ene.
ahagblɔ na wo bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi; Alea magbã dukɔ sia kple du siae, abe alesi wogbãa zemela ƒe ze eye womegatea ŋu trenɛ o la ene, eye woaɖi ame ɖe Tofet, le esi ameɖiƒe le vevem ta.
Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.
Elabena ékpɔ kpea ɖe, si ame ƒe asi meɖa o la, ge tso to dzi va gbã gayibɔ, akɔbli kple tsu, klosalo kple sika la. Mawu gã lae ɖe nusi gbɔna gbaɖegbe la fia fia la. Drɔ̃e la le eme, eye eƒe gɔmeɖeɖe le eteƒe.