Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 18:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Dzudzɔ de dzi tso eƒe ŋɔti me, dzo binu tso eƒe nu me, eye dzoka tso egbɔ hehẽhe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Ema dziŋgɔli ɖe eve, wòto eme ɖi va anyi, eye lilikpo do blukɔ le eƒe afɔ te.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 18:9
17 Mawu Ofanana  

Eviã dziƒo heɖi ɖe anyi, eye alilikpo dodo le eƒe afɔ te.


Mía Mawu gbɔna, ɖoɖoe mazi le eŋu o, dzo le nu bim le eŋgɔ, eye ahom sesẽ ɖe to ɖee.


Ke ame dzɔdzɔewo le dzidzɔ kpɔm, wole aseye tsom le Mawu ŋku me, eye wogli kple dzidzɔ.


Dzo le yiyim le eŋgɔ, eye wòfiã eƒe futɔwo godoo va kpe.


Eye dzudzɔ bia Sinai-to blibo la, elabena Yehowa ɖi va edzi le dzo me; eye dzudzɔ la ɖe dzi abe aŋɔɖaƒe dzudzɔ ene, eye to blibo la le ʋuʋum ŋutɔ.


Mifɔ mo dzi ɖe dziƒo eye mide mo to ɖe anyigba; elabena dziƒo abu abe dzudzɔ ene, anyigba anyunyɔ abe avɔ ene, eye edzinɔlawo aku abe tagbatsuwo ene; ke nye xɔname anɔ anyi tegbee, eye nye dzɔdzɔenyenye nu matsi o.


Elabena kpɔ ɖa, Yehowa gbɔna le dzo me, eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahom ene, ne woaɖo eteƒe le eƒe dɔmedzoe ƒe dziku me, eye wòablu le dzoƒaɖe me.


Ke enumake le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o, ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu.


Eye esi gaƒoƒo adelia ɖo edzi la, zãdokeli do ɖe anyigba blibo la katã dzi vaseɖe gaƒoƒo asiekelia dzi.


Yesu ɖo ŋu gblɔ ne bena: Nusi ke wɔm mele la, menyae fifia o; ke emegbe la ase egɔme.


Mawu ɖeke mele abe Yesurun ƒe Mawu la ene o, amesi le yiyim le dziƒo, be yeaxɔ na wò, amesi ƒe ŋutikɔkɔe le alilikpowo me.


amesi ƒe gbe ʋuʋu anyigba la le ɣemaɣi me; ke azɔ la eɖo ŋugbe gblɔ be: „Esusɔ zi ɖeka, eye menye anyigba ɖeɖeko maʋuʋu o, ke boŋ dziƒo hãe.“


Ke Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene, le esime dziƒowo ava yi kple gbeɖeɖe; ke gɔmedzenuwo labi, eye woalólo le dzo me, eye anyigba kple eme dɔwɔwɔwo lafiã keŋ.


Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa