5 Ku ƒe kawo ɖe to ɖem, eye gbegblẽ ƒe tɔʋuwo do dzikatsoƒoe nam.
5 Tsiẽƒe ƒe kawo blam, eye ku ƒe mɔtetrewo ɖi kpem.
Ku ƒe kawo ɖe to ɖem, tsiẽƒe ƒe ŋɔdzi lém, eye mekpe hiã kple nuxaxa.
anye ne tɔ ɖe mí, eye tɔsisi si to míaƒe luʋɔ dzi;
ne tsi magaɖɔ ato tanye o, ne gogloƒe magamim o, eye vudo magaxe eƒe nu ɖe nunye o!
Elabena wò amenuveve sɔ gbɔ ɖe dzinye, eye nèɖe nye luʋɔ tso keke tsiẽƒe ʋi ke.
Amegbetɔ menya eƒe azãgbe o, ke boŋ abe alesi wotsɔa dɔ vɔ̃ɖi ɖea tɔmelãwo, eye wotsɔa mɔ̃ ɖea xewoe la, nenema woɖea amegbetɔviwo abe woawo ene le dzɔgbevɔ̃eɣi, ne eƒo ɖe wo dzi kpoyi.
Eya ke Mawu fɔ ɖe tsitre, esi wòtsi ku ƒe vevewo nu, le esi mete ŋu lée ɖe anyi o la ta.