34 Ewo nye afa abe zinɔwo tɔ ene, eye wòtsɔm ɖo nye kɔkɔƒe.
34 Efia aʋawɔwɔ nye asiwo, eye nye asiwo ate ŋu abɔ dati si wowɔ kple akɔbli.
Dawid tɔ. Woakafu Yehowa, nye agakpe, amesi fia avuwɔwɔ nye asiwo kple aʋawɔwɔ nye asibidewo;
Miva kpa Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, amesi doa aƒedo anyigba,
Etsɔ wò xɔxɔ ƒe akpoxɔnu la nam, eye wò gbesese wɔm mezu gã.
Ale Yehowa gblɔ na Kores, eƒe amesiamina la, amesi ƒe nuɖusi melé, ne mafanya dukɔwo le eŋgɔ, eye matu ali dzi na fiawo, maʋu ʋɔwo le eŋku me, eye agbowo matsi dodo o la, ènye si:
anye ʋɔnudɔdrɔ̃gbɔgbɔ na amesi le ʋɔnudɔdrɔ̃ nu kple ŋusẽ na amesiwo gbugbɔ aʋa ɖo ɖe agbo nu.
Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Maŋe Elam ƒe dati, si nye woƒe ŋusẽ vevietɔ la.
Le ɣemaɣi la maŋe Israel ƒe dati le Yezreel-bali me la.
Aƒetɔ Yehowa enye nye ŋusẽ, awɔ nye afa abe zinɔ tɔ ene, eye wòana mazɔ: kɔkɔƒewo. Na kasaŋkuwo ƒe henɔ.