11 Enɔ Kerubiwo dzi hedze, eye wosa agba le ya ƒe aʋalawo dzi.
11 Viviti nye avɔ si wòtsyɔ, eye lilikpo yibɔ si dzaa tsi lae nye agbadɔ si ƒo xlãe.
Etsɔa tsiwo sãa eƒe dziƒoxɔ dzi, etsɔa alilikpowo wɔa eƒe tasiaɖam, eye wòzɔa ya ƒe aʋalawo dzi.
Elabena etsyɔ nu dzinye ɖe eƒe agbadɔ me le dzɔgbevɔ̃egbe, eye wòɣlam ɖe eƒe agbadɔ ƒe bebeƒe; ekɔm ɖo agakpe dzi.
Meɖe agba ɖa le eƒe abɔta, eye eƒe asi ɖe ɖa le tsikpo ŋu.
Amesi bɔbɔ nɔ dziƒoʋitɔ la ƒe bebeƒe, eye wòle ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te la,
Alilikpo kple tsizi ƒo xlãe, dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ nye eƒe fiazikpui ƒe anyinɔ.
Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dzo le xɔ la ƒe kpui nu yi ɖanɔ Kerubiawo ta me.
Viviti kple blukɔdogbe, alilikpo kple tsizidogbe wònye! Alesi agudzedze gbagbana ɖe towo, dzi la, nenema dukɔ gã sẽŋua ɖe avae, si tɔgbe menɔ anyi kpɔ gbeɖe, eye mele anyi nɔ ge le emegbe vaseɖe ƒome, siwo gbɔna la ŋɔli o.
Tete miete va, eye mietsi tre ɖe to la te, eye dzo de dzi le to la ŋu ɖase dziƒo ke, alilikpo do, eye viviti tsyɔ.