Farao ɖo ŋu bena: Ameka nye Yehowa, ne maɖo to eƒe gbe aɖe asi le Israel-viwo ŋuti wòayi? Nyemenya Yehowa la o, eye nyemaɖe asi le Israel ŋuti wòayi hã o!
Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tsi to nɛ, eye natre eƒe ŋkuwo, ne magakpɔ nu kple eƒe ŋkuwo, wòase nu kple eƒe towo, eye wòase nu gɔme kple eƒe dzi, ne wòatrɔ la me, eye eƒe lãme nahaya o.
elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womiã woƒe ŋkuwo, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo o, eye woagase nu kple towo o, eye woagase nu gɔme kple dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“
Elabena nenem dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womesea nu o, eye womiã woƒe ŋkuwo, be woagakpɔ nu kple woƒe ŋkuwo, eye woase nu kple woƒe towo, eye woase nu gɔme kple woƒe dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“