Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 16:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ame kɔkɔe, siwo le anyigba dzi, kple ame ŋkulawo ƒe nu nyea ŋunye ŋutɔŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ame kɔkɔe siwo le anyigba dzi la woe nye bubume siwo ƒe nu nyoa ŋunye vevie.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 16:3
20 Mawu Ofanana  

Eyata Yehowa Mawu, mia kple wò ŋusẽ ƒe aɖaka la mitso, ne miayi ɖe wò gbɔɖemeƒe la! Yehowa Mawu, wò nunɔlawo nado xɔxɔ, eye wò ame dzɔdzɔewo nakpɔ dzidzɔ le nu nyuiwo ŋu!


Metsɔ nye ŋku ɖo anyigba dzi nuteƒewɔlawo ŋu, be woana gbɔnye; amesi zɔa maɖifɔmɔ dzi la, eya asubɔm.


Eƒe ame kɔkɔewo ƒe ku nye nu xɔasi le Yehowa ŋku me.


Xɔlɔ̃ menye na amesiwo katã vɔ̃a wò kple amesiwo léa ŋku de wò sededewo ŋu.


Yehowa, wòe he nye luʋɔ tso tsiẽƒe, eye nègbɔ agbem tso amesiwo yi aʋli me la dome.


Ame dzɔdzɔe tsaa ŋu na eƒe lãnyiƒe; ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ kplɔa wo tranae.


Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, azu emegbegblẽ.


mele le eƒe anyigba dzi godoo, eye mekpɔ dzidzɔ le amegbelɔviwo ŋu.


Wò nu me nenye wen nyuitɔ, si ato nuyi kple aɖu dzi na nye lɔlɔ̃tɔ wɔli.


Womagayɔ wò azɔ be: „amesi wogbe“ o, eye womagayɔ wò anyigba be: „aƒedo“ o; ke boŋ woayɔ wò be: „mekpɔ dzidzɔ le eŋu“, eye woayɔ wò anyigba be „srɔ̃nyɔnu“; elabena Yehowa akpɔ dzidzɔ le ŋuwò, eye wòaɖe wò anyigba woazu srɔ̃a.


Woawoe azu tɔnye le ŋkeke, si wɔ ge mala la dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe, eye makpɔ wo ta, abe alesi ŋutsu kpɔa via, si subɔnɛ ta ene.


Ke Anania xɔ edzi gblɔ bena: Aƒetɔ, mese le ame geɖewo nu le ŋutsu sia ŋuti, alesi wòwɔ vɔ̃ geɖe ɖe wò ame kɔkɔe, siwo le Yerusalem la ŋu;


Eyaŋuti esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.


Paulo, Yesu Kristo ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, ŋlɔ ɖo ɖe ame kɔkɔewo kple xɔsetɔwo le Kristo Yesu me le Efeso:


Nyateƒenya wònye, eye mele ɖiɖim be, wò la naka ɖe nusiawo dzi, bena amesiwo xɔ Mawu dzi se la, nado vevie anɔ dɔ nyui wɔwɔwo dzi. Nusiawo nyo, eye wonye viɖenu na amewo.


Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa